Mateo 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kristo ƒe dzidzimegbalẽ. 1 Yesu Kristo, si nye Dawid vi, amesi nye Abraham vi la, ƒe dzidzimegbalẽ. 2 Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo; 3 Yuda kpakple Tamar wodzi Perez kple Zarax, Perez dzi Xezron, eye Xezron dzi Aram; 4 Aram dzi Aminadab, Aminadab dzi Naxeson, eye Naxeson dzi Salmon; 5 Salmon kpakple Raxab wodzi Boaz, Boaz kpakple Rut wodzi Obed, eye Obed dzi Isai; 6 Isai dzi Dawid, fia la, eye Dawid, fia la, kpakple Uriya srɔ̃ wodzi Salomo; 7 Salomo dzi Rexabeam, Rexabeam dzi Abiya, eye Abiya dzi Asa; 8 Asa dzi Yosafat, Yosafat dzi Yoram, eye Yoram dzi Uziya; 9 Uziya dzi Yotam, Yotam dzi Axaz, eye Axaz dzi Xizkiya; 10 Xizkiya dzi Manase, Manase dzi Amon, eye Amon dzi Yosiya; 11 eye Yosiya dzi Yexonya kple nɔviawo, le esime wokplɔ wo yi ɖe Babilonia. 12 Eye esi wokplɔ wo yi ɖe Babilonia megbe la, Yexonya dzi Sealtiel, eye Sealtiel dzi Zerubabel; 13 Zerubabel dzi Abihud, Abihud dzi Elyakim, eye Elyakim dzi Azur; 14 Azur dzi Zadok, Zadok dzi Yaxin, eye Yaxin dzi Elihud; 15 Elihud dzi Eleazar, Eleazar dzi Matan, eye Matan dzi Yakob; 16 eye Yakob dzi Yosef, si nye Mana, amesi dzi Yesu, si woyɔna be Kristo la, srɔ̃. 17 Azɔ dzidzimeawo katã tso Abraham dzi vaseɖe Dawid dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso Dawid dzi vaseɖe kpakple yi ɖe Babilonia dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso kpɔkplɔ yi ɖe Babilonia dzi vaseɖe Kristo dzi la wole dzidzime wuiene. Maria ƒe fufɔfɔ. Ŋkɔ, si woayɔ na ɖevi la. Yesu dzidzi. 18 Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me. 19 Ke srɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe, eye mele didim be, yeado ŋukpee o la, do tame bena, yeagblẽe ɖi le aɖaŋu me. 20 Ke esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. 21 Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me. 22 Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: 23 „Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“ 24 Ke esi Yosef nyɔ tso alɔ̃ me la, ewo alesi Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ nɛ, eye wòkplɔ srɔ̃a va eɖokui gbɔe; 25 eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana