Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Marko 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu ɖa gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔa ɖa ŋu.

1 Eye wòva ɖo ƒu la godo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi.

2 Eye esi wòdo go le ʋu la me la, amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, do go tso yɔdowo me va kpee,

3 amesi ƒe nɔƒe nye yɔdowo me, eye amea ɖeke mete ŋu blane kple kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã o;

4 elabena enuenu woɖea kunyowu eƒe afɔwo, eye woblanɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, ke etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo, eye amea ɖeke metea ŋu nana eƒe mo fana o.

5 Eye ɖaa zã kple keli wonoa yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wònɔa kpe xlãm ɖe eɖokui.

6 Eye esi wòkpɔ Yesu le adzɔge ke la, eƒu du va dze klo nɛ;

7 eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o.

8 Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ!

9 Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe.

10 Eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋutɔ bena, wòaganyã yewo tso afima nutoawo me o.

11 Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le afima le gbe ɖum le to la dzi.

12 Eye wode kuku nɛ gblɔ bena: Dɔ mí ɖe hawo me, ne míayi ɖe wo me.

13 Eye wòna mɔ wo. Eye esi gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go la, woyi ɖe hawo me. Tete hawo katã si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu lãme, wo nu anɔ akpe eve, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me.

14 Eye amesiwo le wo kplɔm la si, eye woyi ɖaxlẽe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go va nusi wònye va ve me la, kpɔ ge ɖa.

15 Eye wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe legio nɔ la, le anyinɔƒe, eye wòta avɔ, eye eƒe mo kɔ, eye wovɔ̃.

16 Eye amesiwo kpɔe la, woxlẽ nusi wòwɔ na amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, kple hawo ŋutinya hefiã wo.

17 Eye wode asi kukuɖeɖe me nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me.

18 Eye esi wòɖo ʋu la, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, ɖe kuku nɛ bena, yeana eŋuti,

19 Eye mena mɔe o; ke egblɔ nɛ bena: Heyi aƒewò me ɖe tɔwòwo gbɔ, eye naxlẽ nusianu, si Aƒetɔ la wɔ na wò kple alesi wòkpɔ nublanui na wò la, afia wo.

20 Eye wòdzo yi hede asi gbeƒãɖeɖe me nusianu, si Yesu wɔ nɛ la le Dekapoli; eye wo katã wotsi yaa.

21 Eye esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gãa ɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti, eye wònɔ ƒu la nu.


Yesu da gbe le nyɔnu ʋusisidɔléla kple Yairo vinyɔnuvi ŋuti.

22 Eye ƒuƒoƒe la ƒe amegãwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Yairo la, va, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu,

23 eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.

24 Eye wòyi kplii, eye ameha gãa de dze eyome ale be, womimii do.

25 Eye nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ,

26 eye wokpe fu geɖe tso gbedala geɖewo gbɔ hegblẽ nusiwo katã le esi, gake mele nyonyom nɛ o, ke boŋ wògado gã ɖe edzi wu la,

27 esi wose Yesu ŋkɔ la, eva dze amehawo le emegbe, eye wòde asi eƒe awu ŋuti;

28 elabena egblɔ bena: Ne mede asi eƒe awu ŋu ko la, nye lãme asẽ.

29 Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ.

30 Eye enumake Yesu dze sii le eɖokui me bena, ŋusẽ do go tso ye me, eye wòtrɔ de ameha la gbɔ gblɔ bena: Amekae de asi nye awu ŋu mahã?

31 Eye eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ekpɔ be, ameha la mimi wò ɖo tso, hafi nèle gbɔgblɔm bena: Amekae ɖe asi ŋunye mahã?

32 Eye wotsa ŋku godoo, bena yeakpɔ amesi wɔ esia.

33 Ke nyɔnu la le vɔvɔ̃m, eye wòle dzodzom nyanyanya; elabena enya nusi wòwɔ nɛ, eye wòva dze klo nɛ, eye wògblɔ nyateƒe blibo katã nɛ.

34 Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!

35 Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã?

36 Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko.

37 Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko.

38 Eye wòva ƒuƒoƒemegã la ƒe me, eye wòkpɔ amesiwo le ʋunyaʋunya wɔm, eye wole avi fam le ɣli dom sesĩe la, le afima.

39 Eye esi wòge de aƒea me la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ʋunyaʋunya wɔm hele avi fam ale? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.

40 Eye wokoe. Ke esi wonyã wo katã do goe la, èkplɔ ɖevia fofoa kple dadaa kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, eye wòyi afisi ɖevi la mlɔ.

41 Eye wòlé ɖevi la ƒe alɔnu hegblɔ nɛ bena: Talita kumi, si gɔme enye bena: Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!

42 Eye enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wozɔ azɔli; elabena exɔ ƒe wuieve, eye wolulu ŋutɔ.

43 Eye wogbe nya na wo vevie bena, amea ɖeke naganyae o; eye wòbena, woana nanee, ne wòaɖu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan