Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Marko 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu do lo vovovowo le mawufiaɖuƒe la ŋu.

1 Eye wògade asi nufiafia me le ƒua nu, eye ameha gã ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, ke ameha la katã le ƒua nu.

2 Eye wolia nu geɖewo le lododowo me, eye wògblɔ na wo le eƒe nufiafia me bena:

3 Miɖo to! Kpɔ ɖa, nukuwula ɖo go yi nuku wu ge;

4 eye wòva ve me bena, esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va mi wo.

5 Eye bubu ge ɖe kpenyigba dzi, afisi mekpɔ anyi geɖe le o; eye wòdo nu ɖa enumake, elabena mekpɔ anyi sɔ gbɔ o;

6 eye esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖui; eye esi ke meli nɛ o ŋuti la, eyrɔ.

7 Eye bubu ge ɖe ŋuwo me; eye ŋuwo mie, eye wovu tsyɔ edzi, eye metse ku o.

8 Eye bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye esi womie la, wotsi, eye wotse, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa.

9 Eye wògblɔ bena: Amesi to senu li nɛ la, nesee!

10 Eye esi wòsusɔ eya ɖeka ɖi la, amesiwo kpe ɖe eŋuti kple ame wuieve la, wòbia lo la gɔme.

11 Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me,

12 bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o.

13 Eye wògblɔ na wo bena: Ne miese lo sia gɔme o la, aleke lawɔ, eye mianya lododoawo katã gɔme mahã?

14 Nukuwula le nya la wum.

15 Ke esiawo nye amesiwo le mɔ to, afisi wowu nya la ɖo; eye ne wosee ko la, enumake Satana vana, eye wotsɔa nya, si wowu ɖe wo me la, yinɛ.

16 Ke esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la, wonye amesiwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ;

17 eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo.

18 Eye bubu, siwo wowu ɖe ŋuwo dome la, woawo nye amesiwo sea nya la,

19 eye xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro yina ɖe wo me, eye wotsyɔa nya la dzi, eye wotsia matsematse.

20 Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.

21 Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe wotsɔa akaɖi vanae, be woada ɖe afianu alo abati te mahã? Alo menye be woatsɔe ada ɖe akaɖiti dzi oa?

22 Elabena naneke mele ɣaɣla o, negbe ɖeko wòaɖee ɖe go afia; eye womewɔ naneke hã le vivi me o, ke boŋ bena wòava kekeli me!

23 Amesi to senu li nɛ la, nesee.

24 Eye wògblɔ na wo bena: Milé to ɖe nusi Sem miele la ŋuti; dzidzenu, si mietsɔ dzidze nui la, eya ke woatsɔ adzidze nui na mi, eye woade edzi na mi.

25 Elabena amesi ke si nu le la, woana nui; ke amesi si nu mele o la, nusi le esi la, woaxɔ eya hã le esi.

26 Eye wògblɔ bena: Mawufiaɖuƒe lã le ale, abe alesi ame tsɔa nuku dea anyigbatu me ene;

27 eye wòdɔa alɔ, eye wòfɔna zã kple keli, eye nuku la miena, eye wòtsina ale bena, eya ŋutɔ menyanɛ o.

28 Anyigba la na nuku wɔna le eɖokui si; gbã ewɔa togba, ekema liŋɔ, emegbe la kutsetse blibo noa liŋɔ la me.

29 Ke ne kutsetse la ɖi la, enumake edoa nuŋehɛ ɖa; elabena nuŋeɣi la ɖo.

30 Eye wògblɔ bena: Nuka ŋu miatsɔ mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã? Alo lo ka woaɖo le eŋuti mahã?

31 Ele abe logoku ene, esi ne woƒãe ɖe anyigba me la, ele sue wu atiku, siwo katã le anyigba la dzi;

32 eye ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wua abɔ me tiwo katã, eye wòɖea alɔ gãwo nenem bena, dziƒoxeviwo ate ŋu adze ɖe eƒe vɔvɔli me.

33 Eye wògblɔ nya fia wo le lododo sia ƒomevi geɖewo me, abe alesi wòanya se na wo ene.

34 Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi.

35 Eye le nenem ŋkeke ma dzi, esi fìẽsi ɖo la, egblɔ na wo bena: Mina ne míayi go keme dzi.

36 Eye esi wogblẽ ameha la ɖi la, wokui yi, abe alesi wòle ʋu la me ene; eye ʋu bubuwo hã kpe ɖe eŋuti.

37 Eye ahom sesẽa ɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe ʋu la me, ale bena ʋu la de asi yɔyɔ me.

38 Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã?

39 Eye esi wònyɔ la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi.

40 Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wo mievɔ̃ ale? Ɖe xɔse mele mia si o mahã?

41 Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan