Marko 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòyi dziƒo. 1 Eye esi Sabat la nu yi vɔ la, Mana, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo dada, kple Salome woƒle atike ʋeʋẽe lilili, bena yewoasi nɛ. 2 Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya, esi agu dze la, wova yɔdo la gbɔ. 3 Eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Ameka amii kpe la ɖa le yɔdo la nu na mí mahã? 4 Eye esi wowu mo dzi la, wokpe bena, wòmũ kpe la ɖe megbe xoxo; elabena elolo akpa. 5 Eye esi woyi ɖe yɔdo la me la, wokpe ɖekakpuia ɖe le nuɖusi gome le anyinɔƒe, eye wòdo awu ɣi ʋlaya, eye dzidzi ƒo wo. 6 Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa! 7 Ke miheyi ɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro hã bena: Edze mia ŋgɔ yina Galilea, afima miakpɔe le, abe alesi wogblɔ ɖi na mi la ene. 8 Eye esi wodo go la, wòsi tso yɔdo la gbɔ; elabena dzodzo nyanyanya kple ŋɔdzi lé wo, eye womegblɔ nyaa ɖeke na amea ɖeke o; elabena wovɔ̃. Yesu ɖe eɖokui fia. 9 Ke esi Yesu tsi tre le kwasiɖa gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, eɖe eɖokui fia Maria, Magdalatɔ gbã, amesi me wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le. 10 Eya la yi ɖaka eta na amesiwo li kpakplii tsã la, siwo le konyi fam, eye wole avi fam la! 11 Eye woawo la, esi wose bena, ele agbe, eye wokpɔe la, womexɔe se o. 12 Ke nusiawo megbe la eɖe eɖokui fia wo dome ame eve, siwo le tsa ɖim yina agbleta la, le nɔnɔme bubu me. 13 Eye woawo hã wodzo yi ɖaka eta na ame mamlewo; gake womexɔ woawo hã dzi se o. Mawutsidetaname ŋu se. 14 Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o. 15 Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã. 16 Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe. 17 Ke dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo: Le nye ŋkɔ la me wòanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo. 18 Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ. Yesu fe dziƒoyiyi. 19 Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me. 20 Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana