Marko 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu le Pilato ƒe ŋku me. Wotso kufia na Yesu, ɖɔ ŋukuku nɛ. 1 Eye enumake le ŋdikanya, esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kple agbalẽfialawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo katã de adaŋu la, wòbia Yesu, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato. 2 Eye Pilato biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo eŋu nɛ gblɔ bena: Wòe gblɔe. 3 Eye nunɔlagãwo tso enu le nu geɖe ŋuti. 4 Eye Pilato gabiae bena Mèle nyaa ɖeke ŋu ɖo ge o mahã? Kpɔ alesi wole nuwò tsom le nu geɖewo ŋuti ɖa! 5 Ke Yesu megaɖo nyaa ɖeke ŋu o, ale bena Pilato ƒe mo wɔ yaa. 6 Eye le ŋkekenyuie dzi la eɖea asi le gatɔ ɖeka ŋu na wo godoo, amesi ke wobiae. 7 Ke gatɔ ɖeka li, si woyɔna be Baraba, hekpe ɖe amesiwo na zi to la ŋuti: amesiwo do hlɔ̃ le zitɔtɔ la me. 8 Eye ameha la yi dzi de asi biabia me bena, newɔ na yewo, abe alesi wònɔa wɔwɔm tsã la ene. 9 Ke Pilato ɖo eŋu na wo gblɔ bena: Ɖe miele didim bena, maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋuti na mi mahã? 10 Elabena edze sii bena, ŋuʋaʋã ŋutie nunɔlagãwo tsɔe de asi ɖo. 11 Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameha la nu bena, wòaɖe asi le Baraba boŋ ŋuti na wo. 12 Eye Pilato gaxɔ edzi gblɔ na wo bena: Ekema nuka gɔ̃ miele ɖiɖim bena, mawo amesi mieyɔna be Yudatɔwo ƒe fia la mahã? 13 Ke woawo gado ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti! 14 Eye Pilato gblɔ na wo bena: Nuvɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ mahã? Ke wogado ɣli sesĩe wu bena: Klãe ɖe ati ŋuti! 15 Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti. 16 Ke asrafoawo kplɔe yi ɖe xɔ gã, si nye ʋɔnuɖrɔ̃ƒe la me, eye woyɔ asrafoha blibo la katã ƒo ƒu. 17 Eye wotsɔ awu dzi ʋlaya hedo nɛ, eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ; 18 eye wode asi gbedodo me nɛ bena: Eme nefa na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! 19 Eye woƒo tame nɛ kple ayeti, eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye wodze klo nɛ hede ta agu nɛ. Yesu ƒe ku le atitsoga ŋu. 20 Eye esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzi la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe do goe, bena woaklãe ɖe ati ŋuti. 21 Eye wozi Simon, Kirenetɔ, Aleksandro kple Rufo fofo, amesi tso agbleta va to wo ŋuti yina la dzi bena, wòatsɔ eƒe atitsoga la. 22 Eye wokplɔe yi ɖe teƒe, si woyɔna be Golgata, si gome nye ametakoliƒe. 23 Eye wotsɔ aha tsitsi kple mire tɔtɔ hekpe nɛ, gake mexɔe o. 24 Eye woklãe ɖe ati ŋuti, eye wòmã eƒe awuwo, esi wodzidze nu ɖe wo dzi, bene woakpɔ nusi ke ɖesiaɖe laxɔ. 25 Eye le gaƒoƒo etɔ̃lia dzi woklãe ɖe ati ŋuti. 26 Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la. 27 Eye woklã adzodala eve hã kpe ɖe eŋuti, ɖeka le eƒe nuɖusi me, eye ɖeka le eƒe mia me. 28 Eye wowu ŋɔŋlɔ, si woŋlɔ ɖi la nu bena: „Wobui kpe ɖe vodalawo ŋuti.“ 29 Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ hele ta ʋuʋum, eye wole gbɔgblɔm bena: Hoo na wò, wò amesi le mawuxɔ la gbãm, eye nègale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la; 30 ɖe ɖokuiwò, eye naɖi le atitsoga la ŋuti! 31 Nenema ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo hã le fewu ɖum le wo nɔewo dome bena: Ame bubuwo la, eɖea wo, eye mate ŋu aɖe eɖokui o. 32 Kristo, Israel ƒe fia la, azɔ ɖi le atitsoga la ŋuti, bena míakpɔe, eye miaxɔ ase! Eye amesiwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la, woawo hã dzui. 33 Eye esi gaƒoƒo adelia ɖo edzi la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi. 34 Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani? Esi, ne woɖe egɔme la, enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã? 35 Eye amesiwo le tsitre ɖe egbe la, dometɔa ɖewo, esi wosee la, wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm. 36 Eye ame ɖeka ƒu du, eye wòkɔ aha tsitsi ɖe ƒumekutsa me, eye wòtsɔe ɖo ayeti nu hekpe ne gblɔ bena: Miɖe asi le eŋu; mina míakpɔ be, Eliya ava ɖee ɖe anyi hã. 37 Ke Yesu gado ɣli kple gbe sesĩe, eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ la hena. 38 Eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagbɔ vaseɖe egɔme. 39 Ke esi aʋafia, si le tsitre dze ŋgɔe la, kpɔ bena, etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na ale la, egblɔ bena: Nyateƒe, nenem me sia enye Mawuvi. 40 Eye nyɔnuwo hã le tsitre, le nu kpɔm le adzɔge; amesiawo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome wole; 41 amesiawo hã dze eyome, le esime wònɔ Galilea, eye wosubɔe kpe ɖe nyɔnu bubu geɖe, siwo va Yerusalem kpakplii la ŋuti. Yesu ɖiɖi. 42 Eye esi fiẽsi ɖo la, elabena enye dzadzraɖoŋkeke, si dze Sabat ŋgɔ, 43 Yosef tso Arimatia, si nye adaŋudela ŋkutatɔ, amesi ŋutɔ hã le mɔ kpɔm na Mawu ƒe fiaɖuƒe la va, eye wòdo dzi yi ɖe Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. 44 Ke Pilato ƒe mo wo yaa be, eku xoxo; eye esi wòyɔ aʋafia la vɛ la, ebiae be, ɖe woku xoxo mahã? 45 Eye esi wosee tso aʋafia la nu la, etso ame kuku la na Yosef. 46 Eye wòƒle aklala, eye esi woɖee ɖe anyi la, exatsa aklala ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye wòmli kpe ɖo yɔdoa nu. 47 Eye Maria, Magdalatɔ kple Maria, Yose dada, wokpɔ afisi wotsɔe mlɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana