Marko 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amisisi na Yesu le Betania. 1 Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui; 2 elabena wogblɔ bena: Menye ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o. 3 Eye esi wòle Betania le Simon, dzɔbutɔ la, ƒe me le nuɖuƒe la, nyɔnua ɖe va kple alabastrogoe, si me nardomi nyuitɔ, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la le, eye wogbã goe la hetrɔe kɔ ɖe eƒe ta me. 4 Ke eve dɔme na wo dometɔa ɖewo, eye wogblɔ bena: Amigbegblẽ sia gɔme ɖe? 5 Elabena ɖe wònye be, wodzra ami sia la, ne axɔ asi awu denario alafa etɔ̃, si woatsɔ ana ame dahewo. Eye woblu ɖe eta li liʋiliʋi le eŋuti. 6 Ke Yesu gblɔ bena: Mina mɔe; nuka ƒe fu ɖem miele nɛ mahã? Dɔ nyui wòwɔ nam. 7 Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o. 8 Ewo nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi. 9 Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia le, le xexe blibo la katã la, woaƒo nu le nusi nyanu sia wo la hã ŋuti hena ŋkuɖoɖo edzi. 10 Eye Yuda Iskariot, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, tɔ edzi yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ, bena yeade eyama asi na wo. 11 Ke esi wosee la, dzi dza wo, eye wodo ga ŋugbe nɛ be, yewoanae. Eye wòle asinu nyuia ɖe dim be, yeadee asi. Ŋutitotolẽvi la: nuɖuɖu kɔkɔe la ɖoɖo anyi. 12 Eye abolo maʋamaʋã ƒe ŋkeke gbãtɔ, si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le la, eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika dim nèle be, miayi aɖadzra do, ne naɖu ŋutitotolẽvi la le mahã? 13 Eye wòdo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve gblɔ na wo bena: Miyi ɖe dua me, eye amea ɖe, si tsɔ tsize la, akpe mi, midze eyome; 14 eye afisi ke wòayi ɖe eme le la, migblɔ na aƒeatɔ bena: Nufiala be: Afika dzenyeƒe le, afisi mia kple nye nusrɔ̃lawo miaɖu ŋutitotolẽvi la le mahã? 15 Eye eya ŋutɔ afia xɔ gãa ɖe mi le dziƒoxɔ me, si me woɖo nuwo ɖo, eye midzra afima do na mi. 16 Eye nusrɔ̃lawo dzo heyi, eye wova dua me, eye wokpɔe, abe alesi wògblɔ na wo la ene; eye wodzra ŋutitotolẽvi la ɖo. 17 Eye esi fiẽsi ɖo la, eya kple ame wuieveawo wova. 18 Eye esi Wobɔbɔ nɔ anyi le nua ɖum la, Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dome ame ɖeka, si le nua ɖum kplim la, ladem asi. 19 Eye wode asi nuxaxa me le ebiam ɖekaɖeka bena: Nyee loo? 20 Ke egblɔ na wo bena: Enye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, amesi ƒe asi le agba me dem kplim. 21 Ke Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ di le eŋuti ene; gake baba na ame ma, si dzi woato ade Amegbetɔvi la asi! Enyo na ame ma bena, womegaxae dzi o. 22 Ke esi wole nua dum la, etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe me, eye wòtsɔe na wo gblɔ bena: Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã. 23 Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo, eye wo katã wono le enu. 24 Eye wògblɔ na wo bena; Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta. 25 Vavã, vavã mele egblom na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetsea ɖeke me tsi no ge o vaseɖe ŋkeke ma dzi, esime mano yeye le mawufiaɖuƒe la me. 26 Eye esi wodzi akpedaha vɔ la, woɖo go yi ɖe Amito la ŋu. 27 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽawo laka ahlẽ.“ 28 Gake ne metsi tre megbe la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea. 29 Ke Petro gblɔ nɛ bena: Ne wo katã woakpe nuɖiaɖia hã la, menye nye o. 30 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Mele egblom na wò bena: Egbe ƒe zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu zi etɔ̃ le gbɔnye. 31 Eye wòƒo nu kple kakaɖedzi wu bena: Ne anɔ nam be, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbewo akpɔ o. Nenema ke wo katã hã wogblɔ. Yesu ʋli le Getsemane. 32 Eye wova ɖo teƒea ɖe, si ŋkɔ enye Getsemane; eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mado gbe ɖa. 33 Eye wòɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye dzidzi ƒoe, eye wòde asi dzodzo me nyanyanya. 34 Eye wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ! 35 Eve wote yi ŋgɔ ʋee, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa bena, ne ate ŋu ava me la, ne gaƒoƒo sia nato ye ŋu ayi. 36 Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko. 37 Eye wòva kpɔ wo wole alɔ̃ me, eye wògblɔ na Petro bena: Simon, alɔ̃ dɔm nèlea? Màte ŋu anɔ ŋudzɔ gaƒoƒo ɖeka oa? 38 Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ. 39 Eye wògadzo yi ɖaɖo gbe ɖa, eye wògblɔ nya ma ke. 40 Eye esi wògatrɔ va la, egakpɔ wo le alɔ̃ me; elabena woƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃, eye womenya nya, si woaɖo eŋu nɛ o. 41 Eye wòva zi etɔ̃lia gblɔ na wo bena: Miyi alɔ̃dɔdɔ dzi azɔ, eye migbɔ ɖe eme! Esɔ gbɔ, gaƒoƒo la ɖo vɔ! Kpɔ ɖa, woatsɔ Amegbetɔvi la ade nuvɔ̃wɔlawo si me. 42 Mitsi tre, mina midzo! Kpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiãm la, egogo! Yesu lẽle. 43 Eye enumake esi wògale nuƒoƒoa dzi ko la, Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, va do, eye ame geɖewo le eyome kple yiwo kpakple kpowo tso nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple amegãwo gbɔ. 44 Ke eyomemɔfiala ɖo dzesi ɖi na wo gblɔ bena: Amesi ke ƒe nu gbugbɔ ge mala la, eyae; milée, eye mikplɔe yi kɔ. 45 Eye esi wova la, enumake wote ɖe eŋu gblɔ bena: Rabi! eye wògbugbɔ nu nɛ. 46 Ke woawo la wotsɔ woƒe asiwò ɖo edzi, eye wòlée. 47 Ke amesiwo le tsitre de egbɔ la, dometɔ ɖeka ɖi yi heda nunɔlagã la ƒe dɔla, eye wòkpa to nɛ. 48 Eye Yesu xɔ edzi gblɔ na wo bena: Alesi wotsona de adzodala ŋuti la, nenema mieva lé ye ge kple yiwo kpakple kpowo. 49 Gbawotsyogbe menɔa mawuƒe la me kpli mi nɔa nu fiãm, ke mielém o; gake wowɔ esia, bena woawu ŋɔŋlɔawo nu. 50 Eye wo katã wogblẽe di hesi. 51 Eye ɖekakpuia de, si ta aklala ko la, kplɔe do, eye wòlée; 52 ke egblẽ aklala la ɖi hesi dzo amama le wo gbɔ. 53 Eye wokplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã la gbɔ, eye nunɔlagãwo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu ɖe eŋuti. 54 Eye Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã la ƒe mɔ̃ me, eye wòbɔbɔ nɔ dɔlawo gbɔ le dzo ƒum. Ɖaseɖiɖi le Yesu ŋu kple eƒe fukpekpe le Kayafa ƒe ŋku me. 55 Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã di ɖaseɖiɖi de Yesu ŋuti, bena yewoawui, eye womekpɔ ɖeke o. 56 Elabena ame geɖewo va ɖi aʋatsoɖase ɖe eŋuti, eye woƒe ɖaseɖiɖia ɖeke mesɔ o. 57 Eye amea ɖewo tsi tre, eye woɖi aʋatsoɖase ɖe eŋuti bena: 58 Míese wògblɔ bena: Magbã mawuxɔ sia, si wotsɔ asi wɔe la, eye ŋkeke etɔ̃agbe la magatu bubu, si wometsɔ asi wɔe o. 59 Eye ale woƒe ɖaseɖiɖi la hã mesɔ o. 60 Eye nunɔlagã la tsi tre ɖe wo titina, eye wòbia Yesu bena: Mèle nyaa ɖeke tso ge aɖo nya, si gblɔm amesiawo le ɖe ŋuwò la ŋu o mahã? 61 Ke ezi kpi, eye meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o. Nunɔlagã la gabiae gblɔ nɛ bena: Alo wòe nye Kristo, Mawu, si wokafuna la, ƒe Vi mahã? 62 Eye Yesu gblɔ bena: Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo. 63 Tete nunɔlagã la dze eƒe awu ʋlaya la gblɔ bena: Ɖaseɖila kawoe gahiã mi mahã? 64 Miese eƒe busunya la, nuka susum miele mahã? Ke wo katã wobu fɔe be: Edze ku. 65 Eye amea ɖewo de asi taɖeɖe me ɖe eŋu, eye wotsyɔ nu mo nɛ, eye wotu kɔe, eye wogblɔ nɛ bena Fia amesi ƒo wò; eye dɔlawo ƒo tome nɛ. Petro gbe nu le Yesu gbɔ. 66 Eye esi Petro le mɔ̃ la me le anyigba la, nunɔlagã la ƒe nyɔnudɔlawo dometɔ ɖeka gbɔna, 67 eye esi wòkpɔ Petro le dzo ƒum la, ekpɔe dũ hebena: Wò hã ena Yesu Nazaretetɔ la gbɔ kpɔ. 68 Ke esẽ nu gblɔ bena; Nyemenya alo se nya, si gblɔm nèle la gome o; eye wòdo go yi ɖe akpala la nu; tete koklo ku atɔ. 69 Eye esi dɔlanyɔnu la gakpɔe la, egade asi gbɔgblɔ me na amesiwo le tsitre le afima la, bena: Amesia enye wo dometɔ ɖeka. Ke egasẽ nu. 70 Eye emegbe ʋee la amesiwo le tsitre le afima la gagblɔ na Petro bena: Vavã wo dometɔ ɖeka nènye elabena Galileatɔ hã nènye. 71 Ke ede asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya amesia, si ŋuti miele nu ƒom le la o. 72 Eye enumake la koklo ku atɔ zi evelia. Eye Petro ɖo ŋku nya la dzi, alesi Yesu gblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòƒu du do go, eye wòfa avi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana