Marko 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu ƒo nu le Yerusalem fe aƒedozuzu kple Kristo fe vava zi evelia ŋuti, eye wòxlẽ nu nusrɔ̃lawo le ŋudzɔnɔnɔ ŋuti. 1 Eye esi wòdo go tso mawuƒe la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Nuxala, kpɔ ale kpe siawo kple ale xɔtutu siawo ɖa! 2 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ele xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o. 3 Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amito la dzi hedze ŋgɔ mawuƒea la, Petro kple Yakobo kple Yohanes kpakple Andrea, woawo ɖeɖe biae bena: 4 Gblɔ ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava la, na mí, eye nuka lanye dzesi na ɣeyiɣi, si me nusiawo katã lawu nu mahã? 5 Eye Yesu de asi gbɔgbɔ me na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o. 6 Ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nyee nye si! Eye woaflu ame geɖewo. 7 Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o. 8 Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋuwo lava teƒeteƒewo, eye dɔwuame lava; nusiawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze. 9 Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo. 10 Eye ele be, woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã. 11 Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae. 12 Eye nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade via asi, eye ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawui. 13 Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe. 14 Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi; 15 ke amesi le xɔta la, nagaɖi va anyi alo wòayi aɖatsɔ nane atso eƒe xɔ me o; 16 eye amesi le abɔ me la, nagatrɔ ava tsɔ eƒe avɔ ayii o. 17 Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me! 18 Ke mido gbe ɖa bena, miaƒe sisi nagadze vuvɔŋɔli dzi o. 19 Elabena ŋkeke mawo lanye xaxa, si tɔgbe meva kpɔ tso nuwɔwɔ, si Mawu wɔ la, ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o. 20 Eye ne menye bena, ɖe Aƒetɔ la ɖe ŋkekeawo dzi o la, ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; gake le ame tiatia, siwo wotia ŋuti la, eɖe ŋkekeawo dzi. 21 Eye le ɣemaɣi me, ne amea ɖe lagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, Kristo la le afii alo kpɔ da, ele afime la, migaxɔe se oa. 22 Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã. 23 Ke miawo la mikpɔ nyuie! Kpɔ ɖa, megblɔ nuwo katã ɖi na mi! 24 Ke le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o; 25 ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. 26 Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe. 27 Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe. 28 Ke misrɔ̃ lododo la le gboti la ŋuti: Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge; 29 nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, egogo agbo la nu. 30 Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã, nava ve me o. 31 Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. 32 Ke le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la amea ɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko. 33 Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o. 34 Ele abe amea ɖe, si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe eɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ, eye wòde se na xɔnuvi la bena, wòanɔ ŋudzɔ la ene. 35 Azɔ la minɔ ŋudzɔ. Elabena mienya ɣekaɣi dzi Aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zã titina alo koklo kuatɔ alo ŋdi o, 36 bena ne eƒe vava ɖi ɖe mi la, ne megakpɔ mi le alɔ̃ me o. 37 Ke nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana