Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Marko 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Lododo le weinbɔgbledelawo ŋuti.

1 Eye wòde asi nuƒoƒo me na wole lododowo me bena: Amea ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na agbledelawo heyi nugbe.

2 Eye esi ɣeyiɣia ɖo la, edo dɔla ɖo ɖe agbleŋlɔlawo gbɔ bena, yeaxɔ agble la me kutsetsea ɖewo tso eŋlɔlawo si me.

3 Eye wòlée, eye woƒoe, eye woɖoe ɖa asi ƒuƒlu.

4 Eye wògadɔ dɔla bubu ɖo ɖe wo gbɔ; eye wode abi eya ƒe ta ŋu, eye wodo ŋukpee.

5 Eye wògadɔ bubu ɖa; eye wowu eya kple ame bubu geɖewo, eye woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo.

6 Azɔ esi vi ɖeka, si melɔ̃a nu egbɔ o la, gale esi la, mlɔeba la edɔ eya hã ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Wòasi vinyeŋutsuvi la ɖa.

7 Tete agbledela mawo gblɔ na wo nɔewo bena: Esiae nye domenyila la, miva, ne miawui, eye domenyinyi la nazu mia to.

8 Eye esi wòlée la, wowui, eye wokɔe ƒu gbe ɖe weingble la xa.

9 Azã nuka weingble la ƒe aƒetɔ awɔ mahã? Ava, eye woatsrɔ̃ agbledelawo, eye wòatsɔ weingble la aɖe asi na ame bubuwo.

10 Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;

11 Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?

12 Eye wodi bena, yewoalée, ke wovɔ̃ ameha la; elabena wonyae bena, yewo ŋu wòdo lo sia ɖo; eye wogblẽe ɖi hedzo.


Nudzɔdzɔ na kaisaro.

13 Eye woɖo farisitɔwo kple Herodiatɔwo dome amea ɖewo ɖo ɖe egbɔ, bena ne woalée le nya me.

14 Eye esi wova la, wobiae bena: Nufiala, míenyae bena, nyateƒetɔ nènye, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa ame ŋku me o; hafi boŋ nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe nu. Woɖe mɔ bena, woana nudzodzo kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Ɖe miana loo, alo miana o mahã?

15 Ke esi wòdze si woƒe alakpadada la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mitsɔ denario la vɛ, ne makpɔ!

16 Eye wotsɔe vɛ. Eye wògblɔ na wo bena: Ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔ enye sia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Kaisaro tɔe.

17 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Nusi nye kaisaro ta la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu. Eye woƒe mo wɔ yaa ŋutɔ le eŋuti.


Yesu ƒo nu le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti.

18 Eye zadukitɔwo, amesiwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o la, hã va egbɔ, eye wobiae bena:

19 Nufiala, Mose ŋlɔ ɖi na mi bena: Ne amea ɖe nɔviŋutsu ku, eye wògblẽ srɔ̃a ɖi, eye viwo mele esi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, eye wòado ƒome ɖi na nɔvia.

20 Azɔ nɔviŋutsu adre nɔ anyi; gbãtɔ ɖe srɔ̃, eye woku, megblẽ viwo ɖi o.

21 Eye evelia ɖee, eye woku, megblẽ viwo ɖi o, eye etɔ̃lia hã nenema ke;

22 eye wo ame adreawo katã megblẽ viwo ɖi o. Le wo katã megbe la nyɔnu la hã ku.

23 Le tsitresitsi la me la, wo dometɔ ka tɔ nyɔnu la azu mahã? Elabena wo ame adreawo katã ɖee kpɔ.

24 Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe menye esia ta míeɖa ƒu, elabena mienyã ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o mahã?

25 Elabena ne woatsi tre atso ame kukuwo dome la, womaɖe srɔ̃ alo woana bena, woaɖe wo o; hafi boŋ wole abe mawudɔla, siwo le dziƒowo la ene.

26 Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: „Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã?

27 Mawu menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o; ke boŋ ame gbagbewo tae; mietra ŋutɔ!


Yesu ƒo nu le se lolotɔ ŋuti.

28 Eye agbalẽfialawo dometɔ ɖeka va, amesi se woƒe nusesẽwɔwɔ la; esi wonyae bena, eɖo ŋu na wo nyuie la, ebiae bena: Seawo katã dome la kae nye gbãtɔ mahã?

29 Yesu ɖo eŋu bena: Gbãtɔ enye: Israel, ɖo to, Aƒetɔ, miaƒe Mawu la, Aƒetɔ ɖeka wònye.

30 Eye nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo, esia nye se gbãtɔ.

31 Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Se bubua ɖeke meli, si lolo wu esiawo o.

32 Eye agbalẽfiala la gblɔ nɛ bena: Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe nu bena: Ɖeka eli, eye bubua ɖeke meli o, negbe eya ko;

33 eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple luʋɔ blibo kple ŋusẽ blibo, eye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la, le wu numemewo kple vɔsasawo katã.

34 Esi Yesu kpɔ bena, eɖo ŋu na ye nunyatɔe la, egblɔ nɛ bena: Wò la mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o. Tso esia dzi la amea ɖeke medo dzi bia nyaa ɖekee o.


Kristo enye Dawid vi kple eƒe aƒetɔ.

35 Eye esi Yesu le nu fiãm le mawuƒe la me la, exɔ dzi gblɔ bena: Aleke wɔ, eye agbalẽfialawo le gbɔgblɔm bena, Kristo la nye Dawid vi mahã?

36 Dawid ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me bena: Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matso wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.

37 Dawid ŋuta yɔe be Aƒetɔ, eye afika gɔ̃ wòtso wònye via mahã? Eye ameha gã la ɖo toe dzidzɔtɔe.


Nuxɔxlɔ le agbalẽfialawo ŋuti.

38 Eye le eƒe nufiafia me la egblɔ bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi le agbalẽfialawo ŋuti, amesiwo lɔ̃a tsaɖiɖi le awu ʋlayawo me kple gbedoname le ablɔawo me

39 kple nɔƒe gbãlɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo;

40 amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.


Ahosi la ƒe nudzɔdzɔ.

41 Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ nudzɔɖaka la, ekpa alesi amewo le ga dam ɖe nudzɔɖaka la me; eye kesinɔtɔ geɖewo tsɔ geɖe da ɖe eme.

42 Eye ahosi dahea ɖe va tsɔ lepta eve da ɖe eme, siwo ƒe home enye hoka eve.

43 Eye wòyɔ eƒe nusiawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena; Ahosi dahe sia ƒe nusi wòtsɔ da ɖe eme la, wu nusi ame siawo tsɔ da ɖe nudzɔɖaka la me;

44 elabena wo katã wotsɔ woƒe agbɔsɔsɔ vivivo la ƒe ɖe da ɖe eme; ke eya la tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ la, da ɖe eme.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan