Marko 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yohanes ɖe gbe ƒã Kristo, eye wòde mawutsi ta nɛ. Abosam te Yesu kpɔ, Yesu gblɔ nya, yɔ nusrɔ̃lawo, eye woyɔ dɔ dɔlélawo. 1 Yesu Kristo, si enye Mawuvi la, ƒe nyanyuie la ƒe gɔmedzedze enye esi. 2 Abe alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ la me ene bena: „Kpo ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo; 3 amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe enye esi: „Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo dzɔdzɔe.“ 4 Yohanes va do, amesi de mawutsi ta na amewo le gbeadzi, eye wòɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃keke. 5 Eye amesiwo le Yudea-nyigba dzi, kple Yerusalemtɔwo katã do go va egbɔ, eye wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, esi woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ. 6 Eye kposɔfuwu le Yohanes ŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi, eye woɖua ʋetsuviwo henoa gbemenyitsi. 7 Eye wòɖe gbe ƒã gblɔ bena: Amesi tri akɔ wum la, le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokota ŋu ka medzem be, mabɔbɔ atu o. 8 Nye la metso tsi de mawutsi ta na mi; ke eya la atsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ade mawutsi ta na mi. 9 Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me bena, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes de mawutsi ta ne ɖe Yordan-tɔsisi la me. 10 Eye enumake esime wòle go dom tso tsia me la, ekpa dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ la le abe akpakpa ene hele ɖiɖim ɖe edzi; 11 eye gbe ɖi tso dziƒowo bena: Wòe nye vinye, si gbe nyemelɔ̃a nu le o, wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena. 12 Eye enumake Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe gbedzi. 13 Eye wònɔ gbeadzi ŋkeke blane, eye Satana tee kpɔ, eye wònɔ anyi kple gbemelã wɔadãwo, eye mawudɔlawo va subɔe. 14 Ke esi wòlé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbe ƒã ɖem Mawu ƒe nyanyuie la bena: 15 Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se! 16 Eye esi wòle Gatilea-ƒua nu tom yina la, ekpɔ Simon kple nɔvia Andrea wole asabu dam ɖe ƒu la me; elabena tɔƒodelawo wonye. 17 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawo mi míazu ameɖelawo. 18 Eye enumake la wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome. 19 Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, ekpɔ Yakobo, si nye Zebedeo vi kple nɔvia Yohanes, woawo hã le ʋu me le asabuwo sam. 20 Eye enumake la wòyɔ wo, eye wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ʋuléviawo ɖi ɖe ʋua me, eye woyi ɖadze eyome. 21 Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la. 22 Eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena efia nu wo abe amesi si ŋusẽ le la ene, eye menye abe agbalẽfialawo ene o. 23 Eye enumake amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, le woƒe ƒuƒoƒe, eye wòdo ɣli gblɔ bena: 24 Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. 25 Eye Yesu blu ɖe eta bena: Mia wò nu, eye nado go le eme! 26 Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme. 27 Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe. 28 Eye enumake lã eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea-nutowo katã me godoo. 29 Eye enumake esi wodo go tso ƒuƒoƒea la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu yi ɖe Simon kple Andrea ƒe me. 30 Ke Simon lɔ̃xo le anyimlɔƒe le ŋudza lém, eye enumake la wogblɔ eŋutinya nɛ. 31 Eye esi wòte va la, elé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye ŋudza la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo. 32 Ke le fiẽ me, esime ɣe ɖo to la, wotso amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple esiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, va egbɔe. 33 Eye du blibo la katã ƒo ƒu de ʋɔtrua nu. 34 Eye wòda gbe le amesiwo katã le da bubu ƒomeviwo katã lém la ŋu, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do goe, eye mede mo na gbɔgbɔ vɔ̃wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae. 35 Eye esi wòfɔ fɔŋli la, edo go heyi de gbedzi, eye wòdo gbe da le afima. 36 Eye Simon kple amesiwo kpe de eŋuti la, di eyome mɔ; 37 eye wokpɔe, eye wogblɔ nɛ bena; Amewo katã le diwòm. 38 Eye wògblɔ na wo bena: Mina ne miayi du bubuwo me, bena magblɔ nya le afima hã; elabena esia ta medo go do. 39 Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii. 40 Eye anyidzela ɖe va egbe le kuku ɖem nɛ, eye wòdze klo nɛ gblɔ bena: Ne èlɔ̃ ko, ate ŋu aklɔ ŋutinye. 41 Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! 42 Eye enumake la anyi la vo le eŋuti, eye eŋuti ko. 43 Eye esi wòblu ɖe eta la, ènyae do go enumake, 44 eye wògblẽ nɛ bena: Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na amea ɖeke o; ke heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. 45 Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana