Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Malaki 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le Mesia ŋgɔdzela kple Aƒetɔ la ƒe ɣeyiɣi, si gbɔna ŋuti.

1 Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.

2 Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene; eye wole abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.

3 Abɔbɔ nɔ anyi alolo klosalo, eye wòadza eŋu, akɔ Lewi-viwo ŋu, eye wòadza wo ŋu abe sika kple klosalo ene, eye woasa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.

4 Eye Yuda kple Yerusalem ƒe vɔsawo avivi Yehowa nu abe le tsã ŋkekewo kple gbaɖegbe ƒewo me ene.

5 Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.

6 Elabena nye Yehowa nyemetrɔ o, eye mi Yakob hã miedzudzɔ o.

7 Tso mia fofowo ŋɔli ke mieƒo asa na nye ɖoɖowo, eye miewɔ wo dzl o. Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye ha matrɔ ɖe mia ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye ne miebe: Aleke míatrɔe hã la,

8 ɖe amegbetɔ aflu Mawu, hafi miawo miele fluyema? Eye ne miebe: Nuka míetsɔ flu wòe hã la, ɖe menye nuwo ƒe ewolia kple adzɔwoe oa?

9 Woƒo fi ɖe mi tso, hafi mi kafã miele fluyem.

10 Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.

11 Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.

12 Eye dukɔwo katã akafu mi, elabena mianye anyigba dzeani, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

13 Yehowa be: Miegblɔa nya sesẽ ɖe ŋunye! Eye ne miebe; Nya ka miegblɔna ɖe ŋuwò hã la,

14 ɖe miegblɔna be: „Mawusubɔsubɔ la, dzodzroe, viɖe ka wonye be, míeléa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye mienɔa ahovɔ me nɔa yiyim le Yehowa Zebaot ŋku me hã oa?

15 Ke azɔ la yewole dadalawo kafum; nu vɔ̃ɖi wɔlawo li ke, eye esi wote Mawu kpɔ la, wosi le enu oa?“

16 Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si; Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.

17 Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.


Le ʋɔnudrɔ̃gbe ŋuti.

18 Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.

19 Elabena kpo ɖa, ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene; ɖaɖalawo katã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afia wo masusɔ ke kple alo ɖi na wo o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

20 Eye dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe; si ƒe aʋalawo me xɔxɔ le la, adze na mi, amesiwo vɔa nye ŋkɔ la, eye miaho adzo anɔ kpo tim abe nyiviwoe ɖo tso lãkpɔ me ene.

21 Eye miafanya ame vɔ̃ɖiwo, ne woanye dzowɔ ana miaƒe afɔƒome le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

22 Miɖo ŋku nya ɖɔla Mose ƒe se; si mede asi nɛ le Xoreb dzi, be wòanye ɖoɖowo kple kɔnuwo na Israel bliboa la dzi.

23 Kpɔ ɖa, madɔ nyagblɔɖila Eliya ado ɖe mi; hafi ne Yehowa ƒe ŋkeke ga dziŋɔ la nava ɖo;

24 ne wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe viwo ŋu, eye viwo, ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu, ne nyemagava atsrɔ̃ anyigba la gbidigbidi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan