Luka 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyɔnua ɖewo ƒe Yesu subɔsubɔ. 1 Eye wòva ve me le esia megbe ʋee la bena, eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyuie gblɔm fia; eye ame wuieveawo le eŋu 2 kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le 3 kple Yohana, Kuza, si nye Herodes ƒe xɔnuvi la srɔ̃, kple Susana kple ame bubu geɖe, siwo tso woƒe nuwo subɔ wòe. Yesu do lo le agble ƒomevi eneawo ŋu. 4 Ke esi ameha gã va ƒo ƒu, eye wotso du sia du me va egbɔ la, eƒo nu le lododo me bena: 5 Nukuwula do go yi eƒe nuku wu ge; eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mo to, eye woɖo afɔ edzi, eye dziƒoxeviwo va mii. 6 Eye bubu ge ɖe kpe gbadza dzi, eye wòmie, eye wòyrɔ, elabena mekpɔ vɔnyigba o. 7 Ke bubu ge ɖe ŋuwo me, eye ŋua wo mie kplii, eye wovu tsyo edzi. 8 Eye bubu ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye womie, eye wòtse teƒe alafa. Eye esi wògblɔ esiawo la, edo ɣli bena: Amesi to senu li nɛ la, nesee! 9 Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Nuka lo nye esia? 10 Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o. 11 Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya. 12 Ke esiwo le mɔ to la, woawo nye amesiwo le esem; tete Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yine, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o. 13 Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe. 14 Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o. 15 Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me. 16 Ke amea ɖeke mesia akaɖi ɣlana ɖe ze te alo tsɔnɛ dana ɖe abati te o, ke boŋ wotsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi, bena amesiwo ge ɖe eme la, nakpɔ keklẽ. 17 Elabena naneke mele ɣaɣla, si womelé ɖeɖe ge ɖe go o, eye naneke hã mele vivi me, si womelé nyanya ge alo le kekeli me va ge o. 18 Eyaŋuti mikpɔ nyuie, alesi miese; elabena amesi nu le esi la, woanae; eye amesi nu mele esi o la, woaxɔ nusi wòsusu be, ele ye si hã le esi. Amesiwo nye Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo. 19 Eye dadaa kple nɔviawo va egbɔ, eye womete ŋu te ɖe eŋu o le ameha la ŋuti. 20 Eye wogblɔ nɛ bena: Dawò kple nɔviwòwo le tsitre le xexe le didim be, yewoakpɔ wò. 21 Eye wòɖo eŋu na wo bena: Danye kple nɔvinyewo nye esiawo, amesiwo le mawunya la Sem, eye wole edzi wɔm. Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi. 22 Ke eva ve me le ŋkeke mawo dome ɖeka dzi bena, eya ŋutɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe ʋua ɖe me, eye wògblɔ na wo bena: Mina ne míayi ta la godo, eye woɖe ʋu yi. 23 Eye esi woɖe ʋua la, edɔ alɔ̃, eye ahom tu le ta la dzi, eye woƒe ʋu la yɔ, eye woɖo xaxa me. 24 Ke wova egbɔ, eye wonyae gblɔ bena: Amegã, amegã, miele tsɔtsrɔ̃m! Eye wòfɔ blu ɖe ya kple ƒutsotsoeawo ta, eye wodzudzɔ, eye ɖoɖoe zi kpoo. 25 Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe. Yesu da gbe te gbɔgbɔ vɔ̃ tɔa ɖe ŋu le Gadara gbɔ. 26 Eye wòɖo Gadaratɔwo ƒe anyigba, si le Galilea kasa la dzi. 27 Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee. 28 Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o. 29 Elabena ede se na gbɔgbɔ bliba la be, wòado go tso ame la me Elabena enyamanɛ enuenu, eye esi wole eŋu dzɔm la, wobiae kple kɔsɔkɔsɔ, eye wode kunyowu eƒe afɔwo, eye wòŋe gãwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyae ɖe gbe. 30 Eye Yesu biae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eye wògblɔ bena: Legio, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi ɖe eme. 31 Eye woɖe kuku nɛ bena, megade se na yewo be, yewoayi ɖe do globo la me o. 32 Eye aƒeha geɖewo le afima le gbe: ɖum le to la dzi, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe mɔ na yewo be, yewoayi ɖe woawo me. Eye wòɖe mɔ na wo. 33 Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku. 34 Ke esi wo kplɔlawo kpɔ nusi va ve me la, wosi, eye wògblɔe fia le dua me kple agbletawo. 35 Eye wodo go, be woakpɔ nusi va ve me, eye esi wova Yesu gbɔ la, wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, ta ava hele anyinɔƒe le Yesu ƒe afɔ nu, eye eƒe mo ko, eye wovɔ̃. 36 Ke amesiwo kpɔe la, gblɔe na wo, alesi woɖe gbɔgbɔ vɔ̃ to la. 37 Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ. 38 Eye ŋutsu, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo go le la, ɖe kuku nɛ bena, yeana egbɔ; ke edo mɔe gblɔ bena: 39 Trɔ yi aƒewò me, eye naxlẽ nusiwo Mawu wo na wò la afia. Eye wòdzo yi hele gbe ƒã ɖem nusiwo Yesu wo nɛ la, to ɖu blibo la katã me. Yesu da ebe le Yairo ƒe vinyɔnuvi kple nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém la ŋu. 40 Ke esi Yesu tra va la, ameha la xɔe kple dzidzɔ; elabena wo katã wole elalam. 41 Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si ŋkɔ enye Yairo, amesi nye ƒuƒoƒe ƒe amegã la va, eye wòdze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hele kuku ɖem ne be, wòava ye ƒe me; 42 elabena vianyɔnuvi ɖeka pɛ, si xɔ ƒe anɔ ƒe wuieve la, le esi, eye eya le kudɔ ƒom. Ke esi wòyina la, ameha la mimii ɖo. 43 Eye nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, amesi gblẽ eƒe agbemenuwo katã na gbedalawo, eye ɖeke mete ŋu da gbe eŋu o la, 44 va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòde asi eƒe awu to ŋu; eye enumake eƒe ʋusisi la nu tso. 45 Eye Yesu gblɔ bena: Amekae nye amesi de asi ŋutinye mahã? Eye esi wo katã wosẽ nu la, Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la, gblɔ bena: Amegã, amehawo mimi wò ɖo, eye wote ɖe dziwò, eye nèle gbɔgblɔm bena: Amekae de asi nunyea? 46 Ke Yesu gblɔ bena: Amea ɖe de asi ŋunye; elabena medze sii bena, ŋusẽ do go tso menye. 47 Ke esi nyɔnua kpɔ bena, womeɣla ye o la, eva kple dzodzo nyanyanya, eye wòdze klo ne, eye woxlẽ nusi ŋuti wòde asi eŋu, kple alesi eƒe lãme sẽ enumake la, fia le ameha la katã ƒe ŋku me. 48 Eye wògblɔ ne bena; Vinyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò, yi ɖe ŋutifafa me! 49 Esi wogale nuƒoƒo dzi la, amea ɖe tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va gblɔ bena: Wò nyɔnuvi la ku, megaɖe fu na nufiala o! 50 Eye esi Yesu see la, exɔ dzi ne bena: Megavɔ̃ o, xɔe se ko, eye wòaɖee! 51 Eye esi wòva aƒea me la, meɖe mɔ na amea ɖeke be, wòava me kplii o, negbe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpakple ɖevi la fofo kple dada ko. 52 Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle. 53 Eye wokoe, esi wonyã bena, eku. 54 Eye esi wonyã wo katã do go la, elé eƒe alɔnu, eye wòyɔe gblɔ bena: Ɖevi, tsi tre! 55 Eye eƒe gbɔgbɔ la gagbugbɔ, eye wòtsi tre enumake, eye wòɖo bena, woana wòaɖu nu. 56 Eye kuvia ɖo eƒe dzilawo; ke egbe nya na wo be, woagagblɔ nusi va ve me la, na amea ɖeke o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana