Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Luka 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ahosia ɖe ƒe lepta eve dzɔdzɔ.

1 Eye wòfɔ kɔ te kpɔ kesinɔtɔ, siwo tso woƒe nunanawo le dadam ɖe nudzɔɖaka la me.

2 Eye wòkpɔ ahosi dahea ɖe, si tso lepta eve da ɖe eme le afima.

3 Eye wògblɔ bena: Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã;

4 elabena nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.


Yerusalem ƒe afedozuzu kple Kristo vava zi evelia.

5 Eye esi amea ɖewo le nu ƒom le mawuxɔ la ŋuti, alesi woɖo atsyɔ̃ nɛ kple kpe nyuiwo kpakple nunana, siwo ŋuti wokɔ na Mawu la, egblɔ bena:

6 Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.

7 Eye wobiae gblo bena: Nufiala, ekema ɣekaɣi nusiawo lava, eye nuka anye dzesi na ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava me mahã?

8 Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.

9 Ke ne miase atiawo kple zitɔtɔwo la, migaɖi vo o; elabena ele be, nusiawo nava ve me gbã; gake nuwuwu la maɖo enumake o.

10 Tete wògblɔ na wo bena: Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti,

11 eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.

12 Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.

13 Esia ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi.

14 Azɔ la miɖo le miaƒe dzi me be, miagasusu gbã alesi miaɖe mia ɖokui nu o;

15 elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.

16 Gake dzilawo kple nɔviŋutsuwo kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ade mi asi, eye woawu mia dometɔa ɖewo.

17 Eye amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.

18 Eye miaƒe taɖa ɖeka mele tsɔtsrɔ̃ ge o.


Miɖe miaƒe agbe le dzigbɔɖanyi me.

19 Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.

20 Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo.

21 Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesi wo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.

22 Elabena ŋkeke siawo nye hlɔ̃biabiaŋkekewo, bena woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi la nu.

23 Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me; elabena hiãkame gã lava anyigba la dzi kple dɔmedzoe na dukɔ sia.

24 Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.

25 Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawo dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti;

26 eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vovɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti; elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.

27 Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.

28 Ke ne nusiawo ɖe asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.

29 Eye wòdo lo na wo gblɔ bena: Mikpɔ gboti la kple atiwo katã ɖa:

30 ne woto aŋgbawo la, míakpɔe adze sii le mia ɖokui si bena, dzomeŋɔli le ɖoɖom.

31 Nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo.

32 Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, vaseɖe esime woawu nusiawo katã nu.

33 Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

34 Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;

35 elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi.

36 Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.

37 Ke le ŋkeke me la ebaa nu le mawuƒe la me, eye le zã me la edoa go yina ɖadɔa to, si woyɔna be Amito la dzi.

38 Eye dukɔ la katã vaa egbe ŋdikanya le mawuƒe la me, be yewoaɖo toe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan