Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Lododowo 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunya, si le Mawu gbɔ tso mavɔ me la ƒe ŋugbedodo na ame.

1 Ɖe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?

2 Etsi tre ɖe togbɛwo tame le mɔ to, kple mɔ ɖogoewo nu.

3 Ele ɣli ɖom le agboawo xa, le dua ƒe mɔ nu kple ʋɔtruawo nu bena:

4 Ŋutsuwo, míawoe mele ɣli dom na, eye amegbetɔviwoe nye gbe le ɖiɖim na.

5 Mi bebewuwo, mixɔ ayedzedze na mia ɖokui, eye mi bometsilawo, míxɔ gɔmesese na mía ɖokui!

6 Mísee, elabena nya xɔasi gblɔm mele, eye nusi le eteƒe pɛpɛpɛ la, nye nu agblɔ.

7 Elabena nyateƒe gblɔm nye nu le, eye na vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na nye nuyiwo.

8 Nye numenyawo katã le eteƒe, eye kple alakpa mele wo me o.

9 Wo katã me kɔ ne amesiwo dze nunya eye wosɔ na amesiwo ƒe esi tu sidzedze la.

10 Mixɔ nye amehehe wu klosalo kple sidzedze wu sika nyuitɔ.

11 Elabena nunya nyo wu adzagba, eye nu veviwo katã mede enu o.

12 Nye, nunya, gbɔe ayedzedze te, eye asinye mee tamebubu vavã ƒe sidzedze le.

13 Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.

14 Tɔnyee nye aɖaŋudede kple edzisusu; nyee nye gɔmesese, eye tɔnyee nye ŋusẽ.

15 Dzinyee fiawo tonu ɖua fia eye amegãwo ɖea se dzɔdzɔe.

16 Dzinyee tatɔwo tona ɖua amegã, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo katã nyea ame ŋkutawo.

17 Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.

18 Kesinɔnu kple bubu, nu xoxowo kple dzɔdzɔenyenye le asinye.

19 Nye kutsetse xɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ, eye nye nukpɔkpɔ nyo wu klosalo nyuitɔ.

20 Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe,

21 ne mana kesinɔnu amesiwo lɔ̃am, eye made nu nudzraɖoƒe na wo fũ.

22 Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto, eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke.

23 Tso tititi woɖom, tso gɔmedzedzea me ke, esime anyigba dzo kelekele.

24 Wodzim, hafi to goglowo navaɖo anyi, hafi ne tsidzɔƒe, siwo me tsi le taŋtaŋ la, neva do anyi.

25 Wodzim, hafi ne woava ɖi towo ɖe agu me; meɖo ŋgɔ na togbɛwo,

26 hafi ne woava wɔ anyigba kple gbegbe kpakple anyigba goɖoo ƒe anyikɔ gbãlɔwo.

27 Mele eteƒe, hafi wòwɔ dziƒo, esime wòdzidze dziŋgɔli ɖe tɔ gogloawo dzi;

28 esime wosa alilikpowo ɖe dzi me, eye tɔ goglowo dzi tsi bɔbɔbɔ.

29 Esime wòɖo seƒe na atsiaƒu, ne magagbɔ eƒe sedede dzi eyi o, eye wòdo anyigba ƒe zɔ anyi la,

30 menye dɔnunɔla le egbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawiokatãɣi;

31 mele le eƒe anyigba dzi godoo, eye mekpɔ dzidzɔ le amegbelɔviwo ŋu.

32 Eyata, mi viwo, miɖo tom. Woayra amesiwo dzra nye mawo ɖo.

33 Miɖo to amehehe, ne miadze nunya, eye migagbee o.

34 Woayra amesi ɖoa tom hedzɔa nye ʋɔtru nu gbesiagbe, eye wòkpɔa nye agbo ƒe agbalinu dzi.

35 Elabena amesi ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe, eye wòkpɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.

36 Ke amesiwo dam ƒu la, wowɔ nu vevi wo ɖokui; amesiwo katã lé dim la, ku lɔ̃m wole.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan