Lododowo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Le amegbegble kple eyomedzenuwo ŋuti. 1 Vinye, dzra nye nuƒoƒo ɖo, eye naɣla nye sededewo ɖe gbɔwò. 2 Dzra nye sededewo ɖo, ne nana agbe, kple nye nufiamewo ɖo abe wò gadaglamakui ene. 3 Bla wo ɖe wò asibidewo ŋu, eye naŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi. 4 Gblɔ na nunya be: nɔvinye nènye, eye nayɔ xɔlɔ̃ na gɔmesese; 5 ne woadzra wò ɖo tso nyanu tutɔ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me. 6 Mele nye xa ƒe fesre nu kpa nu to adzrala nu. 7 Tete meɖe ŋku ɖe ame bebewuwo dome, eye mekpɔ ɖekakpuivi bometsilaa ɖe le ŋutsuviwo dome. 8 Eya le tsatsam le kpɔdomee le eƒe dzogoe kasa, eye wòle zɔzɔm ɖo ta eƒe aƒe gbɔ 9 le fiẽ, esime anyigba le tsyɔtsyɔm, le zã kple blukɔ me. 10 Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe le gbolovɔ me va do goe, eye ayedzedze le tame nɛ. 11 Eƒe mo nyrã, eye wòɖe ku eɖokui, eye eƒe afɔwo gbe be, yewomatɔ ɖe eƒe me o. 12 Eyae le kpɔdomee fifi, kasiaa eye nye ekem nyo ɖe ablɔ me, eye wòde xa ɖe dzogoe ɖesiaɖe dzi. 13 Elée hegbugbɔ nu nɛ, eye wòɖo ŋku me kplalaa gblɔ nɛ be: 14 Egbea metso akpedavɔsa xe nye adzɔgbedete ɖe ɖokuinye nu. 15 Eyata medo be, mado go wò, eye madi wò, eye azɔ la mekpɔ wò. 16 Meɖo kuntruwo ɖe nye aba dzi, avɔ ŋɔŋɔe, siwo wotsɔ Egipte-ka lɔ̃e. 17 Mewu sikɔni, anowɔtre kple adrike ɖe nye aba dzi. 18 Eyata na mieno lɔlɔ̃ amu vaseɖe ŋɖi, eye míaƒe dzeme nakɔ ɖe dzidzɔkpɔkpɔ me. 19 Elabena srɔ̃nye mele aƒe o, eyi nugbe didia ɖe; 20 etsɔ gakotoku la ɖo asi yii, gbesigbe dzinu sɔ tegblẽ la ko wòagbɔ va aƒe. 21 Etsɔ eƒe nuƒoƒo geɖegeɖeawo blee, eye wòtsɔ eƒe nuyi zɔzrɔ̃e la lẽe. 22 Ekplɔe ɖo kɔ̃ enumake abe nyitsu, si yina de ewuƒe ene, abe sẽ, si yina gege ge de mɔ̃ me ene, 23 vaseɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã; eye abe xevi, si zɔ ɖe mɔ̃ dzi, eye menyae be, yeƒe ku wonye o la ene. 24 Eyata, mi viwo, miɖo tom, eye milé to ɖe nye numenyawo ŋu. 25 Megana wò dzi nadze ayi eƒe mawo dzi o, eye megatra yi etoƒewo o. 26 Elabena amesiwo tsi esi me heɖo baba ɖi la, sɔ gbɔ, eye amesiwo wowu la, ɖe ha. 27 Eƒe aƒe enye tsiẽƒe ƒe mɔ geɖe, siwo ɖo la ku ƒe xɔgãwo me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana