Lododowo 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxɔxlɔ̃ le ŋgɔgbenɔnɔ ŋuti. 1 Vinye, ne èƒu asi akɔ ɖe hãwòvi nu, eye nèlé fe nu na ame tutɔ, 2 wò numenya ɖe nyagbatee dowòme, eye wò numenya lé wò la, 3 ekema, vinye, wɔ ale, ne naɖe ɖokuiwò — ège ɖe hawòvi si me ɖe — Yi naxlã ɖokuiwò ɖe eƒe afɔ nu, eye naƒoe ɖe hawòvi nu. 4 Megana alɔ̃ nava wò ŋku dzi o, eye akɔlɔ̃e megaɖo wò aɖaba me o. 5 Ɖe ɖokuiwò le esi abe sãde ene, eye abe xevi tso mɔ̃trela si me ene. Nyagbegbe na ame le kuviawɔwɔ ŋuti. 6 Wo kuviatɔ, yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya! 7 Esi amegã, dzikpɔla kple dziɖulaa ɖeke mele esi o hã la, 8 eƒoa eƒe abolo le dzomeŋɔli, eye wòtua eƒe nuɖuɖu ɖo le nuŋeɣi. 9 Kuviatɔ, ɣekaɣi nanɔ aba dzi ase do? Ɣekaɣi nenyo tso wò alɔ̃dɔdɔ me? 10 Gadɔ alɔ̃ vie, gadɔ akɔlɔ̃e vie, de asi asitɛ me nagbɔ ɖe eme vie! 11 Ekema wò ahedada aɖi kpe wo ahe mazɔla ene, eye wò hiã ahe ŋutsu, si bla akpa ene. Nuxɔxlɔ le vɔ̃ɖinyenye ŋuti. 12 Yakame kple ame gbegblẽ enye amesi tsɔa alakpadanu nɔa yiyimee, 13 eya, amesi mlãa ŋku ɖe ame, etoa nya kple eƒe afɔ, eye wòtsɔa eƒe asi fiaa dzesii, 14 eya, amesi ƒe dzi me ayedzedze le, edoa va de tame ɣesiaɣi, eye wòdea dzra aƒe. 15 Eyata eƒe gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi, agbã zi ɖeka, eye hayahaya manɔ eŋu o. 16 Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: 17 dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa nu maɖifɔ ɖi, 18 dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, 19 amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple amesi dea dzre nɔviwo dome. Le ahasiwɔwɔ ŋuti. 20 Vinye, dzra fofowò ƒe sedede do, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o. 21 Blae ɖe wò dzi ŋu dam eye naxatsae ɖewò kɔ ŋu. 22 Ne èle azɔli dzi la, akplɔ wò, ne èmlɔ anyi la, adzɔ ŋuwò, eye ne ènyɔ la, aɖo dze kpli wò. 23 Elabena akaɖie nye se la, kekelie nye nufiame la, eye agbemɔ enye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la. 24 Ne nadzra ɖokuiwo do tso nyɔnu vɔ̃ɖi la si me kpakple dutanyɔnu ade zɔzrɔ̃etɔ la si me. 25 Eƒe tugbedzedze megadzro wò le dzi me o, eye megatsɔ eƒe aɖaba le wò o. 26 Elabena gbolo ɖe wòɖia gbɔ ame vaseɖe abolo dzi, eye nyɔnu srɔ̃tɔ le agbe xɔasi la minyam. 27 Ɖe amea ɖe ate ŋu aɖe dzo de akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã? 28 Alo ɖe amea de azɔ dzoka xɔxɔ dzi, eye eƒe afɔ nagbe fiafiã? 29 Alea ke wòanɔ na amesi de ehavisrɔ̃ gbɔe; amesiame, si de asi eŋu la, metsi to mahemahe o. 30 Womedoa vlo fiafitɔ, ne efi fi, be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, esime ƒomenui le ewɔm o; 31 ke ne asi tui la, ado eteƒe zi adre, eye wòatsɔ eƒe me nuwo katã ana. 32 Gake amesi wɔ ahasi kple nyɔnua ɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wonye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe. 33 Ƒoƒo kple dzu atso eme nɛ, eye eƒe ŋukpe nu matsi o. 34 Elabena ŋutsu ƒe dziku ɖe wòʋãa ŋu, eye mekpɔa nublanui le hlɔ̃biagbe o. 35 Avulénua ɖeke malé enuo, eye ne ena nu geɖe hã la, mãlɔ̃ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana