Lododowo 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagbegbe na ame le nu tovo wɔwɔ ŋuti. 1 Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu, ƒu to anyi ɖe nye gɔmesese ŋu, 2 ne nadzra tamebubu ɖo, eye wò nuyiwo nalé sidzedze ɖe asi. 3 Elabena nyɔnu tutɔ ƒe nuyi le anyĩtsi tsyɔm, eye eƒe veme zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu ami; 4 ke mlɔe ke la evena wu atsa, eye wòɖana wua yi nuevee. 5 Eƒe afa ɖi abu yina ku gbɔ, eye tsiẽƒe ku ɖe eƒe abi ŋu goŋgoŋ. 6 Eƒe toƒewo le ʋuʋum, ke medze sii o, ne megalé agbemɔ la atsa o. 7 Eyata mi viwo, miɖo tom, eye migate ɖe aga le nye numenyawo ŋu o. 8 Na wò mɔ naƒo asa nɛ, eye megagogo eƒe aƒe ƒe ʋɔtru o, 9 ne magatsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo na ame tutɔwo kple wò ƒewo na ŋutasẽla o; 10 ne ame bubu magatsɔ wò kesinɔnuwo aɖi ƒoe, eye nusi nèwɔ dɔ kpɔ la, nayi ame tutɔ ƒe me o; 11 eye ne eɖo mlɔeanu na wò, eye wɔna le vɔvɔm le wò ŋutilã kple wò lãkusi ŋu la, màganɔ hũ ɖem 12 anɔ gbɔgblɔm be: Ao, nukaŋuti mehelé fu amehehe, eye nye dzi do vlo mokaname, 13 nyemeɖo to amesiwo le nu fiamem la, ƒe gbe o, eye nyemeƒu to anyi ɖe nye nufialawo ŋu oa? 14 Ekpɔtɔ vie mege ɖe dzɔgbevɔ̃ewo tsyo ƒomevi me te takpekpewo kple amehawo dome kloe! 15 No tsi tso wò tsido me, tsidzidzi tso wu vudo me! 16 Ɖe wò tsi adzi agba go, eye wò tɔʋuwo asi ɖa gbagbagbea? 17 Wò ɖeka dɔwò ke woanye, eye ame bubu mekpe ɖe ŋuwò o! 18 Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ ŋu, 19 eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ nena nanɔ ya mum ɖaa. 20 Ke vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nana ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu? 21 Elabena amesiame ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋku me, eye eyae ɖea woƒe toƒewo katã. 22 Ame vɔɖi ŋutɔ ƒe vodadawo lénɛ, eye eƒe nuvɔ̃ ƒe ka ɖenɛ. 23 Eku, elabena eɖo ko le amehehe me, eye eƒe bometsitsi gbogboawo na wòle nagbanagba kum. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana