Lododowo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxɔxlɔ̃ bena, woadze nunya ƒe nufiafia yome. 1 Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, mido ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese. 2 Nufiafia nyui mele tsɔtsɔm na mi, migagblẽ nye nufiame ɖi o. 3 Elabena esi menye ɖevi na fofonye, vi fe kple tenuvi na danye la, 4 efia num gblɔ nam bena: Wò dzi neku ɖe nye nyawo ŋu, dzra nye sededewo ɖo, ekema anɔ agbe. 5 Ele nunya, ƒle gɔmesese! Megaŋlɔe be o, eye megate ɖe aga tso nye nu me nyawo ŋu o. 6 Megaɖe asi le eŋu o, ekema adzra wò ɖo; lɔ̃e, ekema akpa tawò. 7 Nunya ƒe gɔmeloto enye be, woaƒle nunya, eye natsɔ wo kesinɔnuwo katã aƒle gɔmesesee. 8 Kɔe ɖe dzi, ne wòakɔ wò ɖe dzi, akplɔ bubu aƒu wò, ne ekpla asi kɔ nɛ. 9 Aɖɔ seƒoƒotsihe nyui ɖe la na wò, eye woana fiakuku dzeani wò. 10 Vinye, see, eye naxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe, ekema agbenɔƒe geɖe anɔ asiwò. 11 Nunyamɔ fiam mele wò, eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔe. 12 Ne ele yiyim la, wò atame maxaxa o, eye ne èle ɖu dzi la, màkli nu o. 13 Le amehehe ɖe asi sesĩe, megage le asiwò o, dza eŋu, elabena wò agbee wonye. 14 Megage ɖe ame vɔɖiwo toƒe o, eye megazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o. 15 Ɖe kɔ ɖa le eŋu, eye megato edzi o; dze le eŋu, eye nato eŋu ayi 16 Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo. 17 Elabena woɖua nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe abolo, eye wonoa sesẽnuwɔwɔ ƒe wein. 18 Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene. 19 Ke ame vɔ̃ɖi ƒe mɔ le abe blukɔ ene; womenya afika wole nu kli ge le o. 20 Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu. 21 Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe. 22 Elabena agbe wonye na amesiwo katã ƒe asi su wo dzi la, eye woyɔa ɖɔ woƒe ŋutilã blibo la. 23 Dza wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona. 24 Ɖe alakpanu da le ɖokuiwò ŋu, eye nam aʋatsonuyi ɖa le ɖokuiwò gbɔ. 25 Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ te, eye wò aɖabawo nelé mɔ ɖeka tso le ŋgɔwò. 26 Ɖe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo, eye wò mɔwo katã nesɔ ɖe eteƒe. 27 Megadze ɖe ɖusi alo mia me o, te wò afa ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana