Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Lododowo 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dadaa ɖe ƒe mɔnufiafia fiaa ɖe.

1 Fia Lemuel ƒe nyawo nye esi, nya, siwo dadaa ku ɖe to me nɛ:

2 Oo vinye, oo nye dɔmevi, oo nye adzɔgbeɖeɖe ƒe vi!

3 Megatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo o kple wò zɔzɔme na nyɔnu fiagblèlawo o!

4 Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o, wein nono menye fiawo ƒe dɔ o, eye aha muame menye amegãwo ƒe dɔ o!

5 Ne magano aha aŋlɔ se la be, eye wòatrɔ gbo nya na hiãtɔwo katã o!

6 Ke boŋ mitsɔ aha muame na amesiwo do tsɔtsrɔ̃ ƒe etua nu kple wein na nuxala,

7 ne wòanoe, eye wòaŋlɔ eƒe ahedada be, eye eƒe ŋku nadzo le hiãkame dzi!

8 Ke wò nu de aɖetututɔwo nu kple ɖe dzɔgbevɔ̃etɔwo katã ƒe nye nu!

9 Ke wò nu natso efia ɖe eteƒe, eye nadrɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo!


Nyɔnu nu dzeame wɔla ƒe kafukafu.

10 Amekae akpɔ nyɔnu zazɛ̃? Eƒe asime sẽ wu adzagba tɔ.

11 Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu, eye nuwo kpɔkpɔ mavee o.

12 Ewɔa nyuie nɛ, eye menye vɔ̃ o, le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.

13 Edia ɖetifu kple anazi, eye eƒe asiwo wɔa ɖɔ kple dzidzɔ.

14 Ele abe esiʋu ene, eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vɛ.

15 Ne ŋu mekpɔ ke haɖe o la, efɔna, eye wònaa nuɖuɖu eƒemetɔwo kple eƒe dɔlanyɔnuwo tɔ gome wo.

16 Ebua la me le agble ŋu, eye wòƒlenɛ ka; eƒe asi ƒe kutsetse wòtsɔna ɖea weingblee.

17 Etsɔa ŋusẽ blaa ali dzii, eye wòdoa ŋusẽ eƒe alɔwo.

18 Edzea sii be, yeƒe asitsatsa nyo; eƒe akaɖi metsina le zã mee.

19 Edoa asi ɖa léa afi, si ŋu wodoa ɖetifu ɖo, eye eƒe asibiɖewo léa keke.

20 Edoa eƒe asi ɖe hiãtɔwo, eye wòkea eƒe abɔ me na ame dahewo.

21 Mevɔna ɖe eƒe aƒe nu le vuvɔ ta o, elabena wotsyɔ kuntru dzi na eƒe aƒemetɔwo.

22 Elɔ̃a kuntruwo na eɖokui, aklala kple aɖahɛ nye eƒe avɔtata.

23 Wonyaa srɔ̃a, ne eya kple anyigba dzi ame tsitsiwo wole ʋɔnuɖrɔ̃ƒe.

24 Etɔa awutewui hedzrana, eye asitsalawo xɔa alidziblanuwo tsoa egbɔe.

25 Ŋusẽ kple atsyɔ̃ nye eƒe ava, eye ŋkeke ɖia kokoe nɛ.

26 Ekea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi.

27 Eléa ŋku de nuwɔwɔwo ŋu le eƒe me, eye meɖua kuviabolo o.

28 Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ be:

29 „Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo li; ke wòa èƒo wo katã ta!“

30 Nyonyo le alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa le, ele be, woakafui.

31 Mitsɔ eƒe esi ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo akafui le dua me!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan