Lododowo 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nunya hea vayra vanɛ, ke bometsitsi kple nuvɔ̃ wɔa gbegblẽ. 1-2 Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse. 3 Amesi lɔ̃a nyateƒe la, doa dzidzɔ na fofoa, ke amesi doa ka kple gbolowo la, gblẽa kesinɔnuwo dome. 4 Dza dzɔenyenye fia tsɔna lia ke anyigba; ke adzɔxɔla gblẽnɛ. 5 Amesi vivia nu me na ehavi la, eɖoa ɖɔ na eƒe afɔ. 6 Mɔ̃tetre le vodada me na nu vɔ̃ɖi wɔlawo; ke ame dzɔdzɔe atso aseye, eye wòakpɔ dzidzɔ. 7 Ame dzɔdzɔe nyaa ame dahèwo ƒe nya me na wo, ke ame vɔ̃ɖi masea sidzedze gome o. 8 Fewuɖulawo ƒlɔa dzo ɖe ɖu ŋu, ke nunyala faa dɔmedzoe nu. 9 Ne bometsila kple nunyala woɖo nya me la, eɖoa dɔmedzoe nɔa nu kom, eye mekpɔa gbɔdzɔe o. 10 Hlɔ̃dola léa fu ame maɖifɔwo, eye wòdia nuteƒewɔlawo ƒe agbe yome. 11 Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala la enu emegbe. 12 Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã. 13 Ame dahe kple ameteɖeanyila wodoa go wo nɔewo; amesi nana woa kple eve la ƒe ŋku dzi kɔna la, enye Yehowa. 14 Fia, si drɔ̃a ʋɔnu na ame dahewo le nyateƒe me la, eƒe fiazikpui ali ka tegbee. 15 Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa. 16 Ne ame vɔ̃ɖiwo dzi ɖe dzi la, vodada dzina ɖe edzi; ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze ɖa. 17 He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ. 18 Ne nyagblɔɖi meli o la, dukɔ tsia bodome; ke ne edzra sea ɖo la, woayrae. 19 Wometsɔa nya hea to na kluvi o, elabena esenɛ hafi gbea toɖoɖo. 20 Ele ŋutsu, si tsi klokloklo dzi le nuƒoƒo me la, kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama. 21 Ne amea ɖe wɔ vinugbee ne eƒe kluvi tso ɖevime ta, ava ɖu aƒetɔ emegbe. 22 Dɔmedzoetɔ dea dzre aƒe, eye dzikutɔ ɖaa vo geɖe. 23 Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi. 24 Amesi woa kple fiafitɔ womã nu, eye wòse ɖiŋudodo, gake metoe o la, ele fu eya ŋutɔ ƒe agbe. 25 Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta. 26 Ame geɖewo wɔa nu, be woadze amegã ŋu; ke Yehowa gbɔe ame ƒe afiatsotso tsona. 27 Nu madzɔmadzɔ wɔla enye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔewo, eye amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la, enye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana