Lododowo 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Bometsilawo, kuviatɔwo kple ame wɔnutovowo madze na bubu o. 1 Bubu medze bometsila o, abe sno le dzomeŋɔli kple tsidzadza le nuŋeɣi ene. 2 Alesi atsutsure dzena, eye sagbadre saa agbae la, nenema nye tiƒoƒo de ame naneke mawɔmawɔ. 3 Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi, bometsila ƒe medome tae nye ati. 4 Megado nya ŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne wò hã nasɔ kplii o. 5 Ɖo eŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne magabu eɖokui nunyalae o. 6 Amesi dea du asi na bometsila la, lãa eya ŋutɔ ƒe afɔ, eye wògblẽa eɖokui ɖome. 7 Alesi ata tu ɖe xɔɖrɔ̃ ŋu ɣleɖee la, nenema nunyagbe nɔa nu me na bometsilae. 8 Ne woɖe bubu bometsila ŋu la, ele abe kpe wobla ɖe akafo me ene. 9 Alesi ŋu nɔa ahamula si mee la, nenema nunyagbe nɔa nu me na bometsila. 10 Nu geɖe wotsɔna kpɔa nui fũ, ke bometsila ƒe fetu kple fetuanala ŋutɔ woatsrɔ̃. 11 Alesi avũ trɔna ɖe eya ŋutɔ ƒe xeɖeɖe ŋui la, nenema bometsila gbugbɔa eƒe bometsinu wɔnae. 12 Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama. 13 Kuviatɔ be: Gbeɖela le xexe, dzata le kpɔdome. 14 Alesi ʋɔtru trona le eƒe megbega me la, nenema nye kuvlatɔ le aba dzi. 15 Ne kuviatɔ de asi agba me la, edede nu me nyea dɔ nɛ. 16 Kuviatɔ bua eɖokui nunyalae wu ame adre, siwo ɖoa nya ŋu ɖe nunya me. 17 Amesi dzre metsɔ egbɔ nya o, hafi wòku dzi nɛ la, ele to na avũ, si tso me yina. 18 Alesi ŋɔdzo me nuwɔla daa akakati bibi kple aŋutrɔ hewua nui la, 19 nenema nye ŋutsu, si blea ehavi, eye wògblɔna be: Fefem nye mele! 20 Ne nake vɔ la, dzo tsina; eye ne sakplitɔ meli o la, ɖoɖoe zina le dzrewɔwɔ nu. 21 Aka nyia dzo, eye nake doa dzo, nenema ŋutsu dzretɔ traa dzre ɖoe. 22 Sakplitɔ ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene, eye wodea keke dɔ me ke. 23 Nugbugbɔ xɔdzo, si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la, le abe senu gaglɛ, si ŋu wofa klosaloŋuka ɖo ene. 24 Ketɔ la tsɔ eƒe nuyiwo trɔa eɖokui bubui, ke alakpa le eƒe dzi me. 25 Ne eƒe gbe vivina ha la, megaɖo dzi ɖe eŋu o, elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me. 26 Ne fuléle ɣla ɖe beble me ha la, aɖi go le dutoƒo. 27 Amesi ɖe ʋe la, eya ŋutɔ adze eme, eye kpe age adze emlila dzi. 28 Alakpaɖe léa fu amesiwo dome wògblẽ keŋkeŋ la, eye nu zɔzrɔ̃e hea gbegblẽ vɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana