Lododowo 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Bubu vavãtɔ enye nunya ƒe fetu. 1 Lododo siawo hã nye Salomo tɔ, eye Yuda-fia Xiskiya ƒe ŋutsuwoe ƒo wo nu ƒu. 2 Mawu ƒe bubue wònye be, wòaɣla nya, eye fiawo ƒe bubu wònye be, woadzro nye me. 3 Alesi dziƒo kɔ, eye anyigba gogloe la, nenema fiawo ƒe dzimedzodzro meli o. 4 Ne woɖe aŋuka ɖa le klosalo ŋu le ekema edzana keŋkeŋ. 5 Ne woɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia ŋku me la, ekema dzɔdzɔenyenye ali ke eƒe fiazikpui. 6 Megadi bubu na ɖokuiwò le fia ŋku me o, eye megatsi tre ɖe ame ŋkutawo nɔƒe o; 7 elabena ne wogblɔ na wò be: „Te va dzi gome!“ enye wu esi woabɔbɔ wò de anyi le bubume, si nékpɔ hafi la ŋku me. 8 Megatsi klokloklo dzi de dzrewɔwɔ ŋu o, elabena nuka nawɔ emegbe, ne hawòvi do ŋukpe wòa? 9 Wɔ wò ŋutɔ wò dzre kple hawòvi; ke megaʋu go ame tutɔ ƒe enya ɣaɣla, 10 ne amesi see la, nana dzuwòm, eye ŋkɔ vɔ̃e natsi ŋuwò o. 11 Nya, si wogblɔ de egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me. 12 Nuxlɔ̃la nyanu enye sikasigɛ kple kɔgɛ, si wotsɔ sika nyuitɔ tui la, na to senu. 13 Alesi sno fa le nuŋeɣi la, nenema dɔla nuteƒewɔla le na amesi dɔe, eye wòfaa dzi na eƒe aƒetɔ. 14 Amesi doa nunana ŋugbe ƒuƒlu la, le abe tsie ɖo ya le ƒoƒom, gake tsi gbe dzadza ene. 15 Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si, eye aɖe tafɛ gbãa ƒuwo. 16 Nu èkpɔ anyitsi la, noe ɖe wò dɔ nu, ne megati wò, eye wòado le nuwò emegbe o. 17 Meganɔ afɔ ƒom hawòvi ƒe me, ne wò nu nagati kɔ nɛ, eye wòalé fu wò o. 18 Amesi ɖia aʋatsoɖase le ehavi ŋu la, zũ kple yi kpakple aŋutrɔ ɖaɖɛ wònye. 19 Dziɖoɖo ɖe ame mawɔnuteƒe ŋu le hiãɣi le abe aɖu nyonyo kple afɔ, si te ke mele o ene. 20 Amesi le ha dzim na dzi xanu la, le abe amesi ɖe avɔ ɖi le vuvɔŋɔli, eye abe ahaƒãe wokɔ ɖe adzalẽɖaɖi dzi ene. 21 Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na aboloe wòaɖu, eye ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano; 22 elabena dzoka ƒom nèle ƒu ɖe eƒe ta me, eye Yehowa aɖo eteƒe na wò. 23 Anyieheya hea tsidzadza vɛ, nenemae ame ŋu liɖe nana mo vena heliheli. 24 Enyo, ne woana dzogoe dzi le xɔta, wu ne nyɔnu nyawɔla nanɔ aƒe me kple ame. 25 Nya nyui xɔxɔ tso duta le abe tsi fafɛ na amesi ƒe ve me ƒu la ene. 26 Ame dzɔdzɔe, si ke ɖe le ete le ame vɔ̃ɖi ŋku me la, le abe tsidzidzi bublu kple vuɖo kpɔtɔ̃ ene. 27 Anyitsi geɖe nono menyo o; ke nya sesẽwo me dzodzro enye bubu. 28 Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana