Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Lododowo 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le alesi woaxɔ ŋkɔ nyui agabui la ŋuti.

1 Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesiuɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.

2 Kesinɔtɔ kple ame dahe wodoa go wo nɔewo; wo katã wɔla enye Yehowa.

3 Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.

4 Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.

5 Ŋu kple adoboliwo le mɔ dzi na alakpatɔ; amesi kpɔa eƒe agbe ta la, ƒoa asa na wo.

6 Mia ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eve tsi la, mate ɖa le edzi o.

7 Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.

8 Amesi ƒãa nu madzɔmadzɔ la, axa dzɔgbevɔ̃e; eye eƒe dɔmedzoe ƒe toheti atsrɔ̃ eya ŋutɔ.

9 Woayra dɔmenyolɔ, elabena eɖe eƒe abolo hena ame dahe.

10 Ne ènyã vlodola ɖa la, ekema dzrewɔwɔ hã dzo, eye nyawɔwɔ kple dzu nu yi.

11 Amesi laa dzi dzadza, eye eƒe nuyiwo nyo la, eya xɔlɔ̃e nye fia.

12 Yehowa ƒe ŋkuwo dzɔa sidzedze ŋu; eye wòtrɔa gbo ame dzegowo ƒe nyawo.

13 Kuvlatɔ be, dzata le xexe ava wu ye le kpɔdome.

14 Gboloƒe nu laʋe goglo wònye; amesi Yehowa ƒe dɔmedzoe xe hã la, eyae gena ɖe eme.

15 Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.

16 Ne wote ame dahe ɖe anyi la, eƒe nuwo ko wobe, nedzi ɖe edzi; ke ne wona nu kesinɔtɔ la, ahedada wònye wokplɔ ƒui.

17 Ƒu to anyi, eye nase nunyalawo ƒe nyawo, eye wò dzi netrɔ ɖe nye nufiame ŋuti.

18 Elabena enye, nenye be, nèdzra wo ɖo ɖe wò dzi me, eye wo katã woli ɖe nuyi ŋu na wò.

19 Be naɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ta, mele nu fiam wò egbea ɖo he!

20 Ɖe nyemeŋlɔ nya vevi, siwo me aɖaŋuɖoɖo kple sidzedze le la, na wò,

21 ne mafia wò be, nyateƒenyawo le eteƒe, eye nahe nya vavãwo ayi na amesiwo ɖɔ wò la oa?

22 Megaɖa adzo ahetɔ le esi wòda ahe ta o, eye megate hiãtɔ de anyi kple afɔ le ʋɔnu o;

23 elabena Yehowa awɔ woƒe dzre na wo, eye wòada adzo amesiwo da adzo wo la ƒe agbe.

24 Megade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mia kple dzikutɔ migado ka o;

25 ne eƒe toƒe namã wò, eye nahe gbegblẽ vɛ na wò luʋɔ o.

26 Meganɔ amesiwo léa le nu, eye woƒua asi akɔ ɖe fenyila nu la dome o;

27 elabena ne mate ŋu axe fea o la, ɖe woagbe aha ɖeɖe le tewòa?

28 Megatrɔ liƒo xoxo, siwo fofowòwo ɖo la o!

29 Kpa amesi zã le eƒe ɖɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ, eye menye ame tsɛwo wòasuhɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan