Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Lododowo 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le nutsududu kple gidigidiwɔwɔ ŋuti.

1 Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.

2 Ŋɔdzi, si le fia ŋu la, le abe dzata ƒe gbetete ene, amesi do adãe la, eto vo ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe ŋu.

3 Bubu wònye na ame, ne wòƒo asa na dzre, ke amesiwo katã dea dzre aƒe la, bometsilawo wonye.

4 Kuviatɔ be, yemade agble le kele me o, eyata wòdia nu le nuŋeɣi doa kpoe.

5 Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela ɖunɛ.

6 Ame geɖewo doa go amesi kɔa mo ɖe wo; ke amesi ŋu woaɖo dzi ɖo la, afika woakpɔe le?

7 Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.

8 Fia, si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, ƒe ŋku dea vovo vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã me.

9 Amekae ate ŋu agblɔ be: Melólo nye dzi wòkɔ, eye medza tso nye nuvɔ̃wo me?

10 Nudakpe eve ƒomevl kple nudotree eve ƒomevi la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye bia Yehowa.

11 Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔ adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.

12 To senu kple ŋku kpɔnu la, Yehowa ye wɔ woa kple eve la siaa.

13 Megaɖikpi lɔ̃ alɔ̃dɔdɔ akpa, ne nada ahe o; wò ŋku netsi te, ekema abolo abɔ ɖe asiwò.

14 Nuƒlela be: „nua menyo o, menyo o;“ yi ke ne edzo la, ekafua eɖokui.

15 Sika kple adzagba geɖewo li; ke sidzedze ƒe nuyiwo la, nu veviwo wonye.

16 Ɖe avɔ le eŋu, elabena eƒu asi akɔ ɖe ame bubu nu, eye natsɔe aɖo awɔba ɖe ame tutɔ ta!

17 Alakpabolo vivi na ŋutsu la, ke emegbe kpekui anɔ nu me nɛ.

18 Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu; eyata tsa tamebubuwɔ aʋae.

19 Amesi nye sakplitɔ le yiyim la, nua go nya ɣaɣla; eyata megaɖe ha kple nu kpoli ƒola o.

20 Amesi ado ɖiŋu na fofoa kple dada la, eƒe akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.

21 Domenyinu, si ŋu wotsi hohoho ɖo la, yayra manɔ me o.

22 Megegblɔ ha „maɖo vɔ teƒe“ o; dzɔ Yehowa sinu, eye wòakpe ɖe ŋuwò.

23 Nudakpe eve ƒomevi enye ŋunyɔ na Yehowa: nuɖanu amehatɔ menyo o.

24 Ŋutsu ƒe afɔɖeɖe tso Yehowa gbɔ, eye ɖe amegbetɔ se eƒe mɔ gɔmea?

25 Mɔ̃ wònye na amegbetɔ, ne nya ge le enu be: „nua ŋu kɔ!“ emegbe hafi wòayi tame bu ge le adzɔgbeɖeɖe la ŋu.

26 Fia nyanu ɖea vovo ame vɔ̃ɖiwo me, emegbe wònana wona luƒotasiaɖam toa wo dzii.

27 Yehowa ƒe akaɖi enye amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ, edzroa dɔme ƒe gogloaƒewo.

28 Lɔlɔ̃ kple nyateƒe kpɔa fia ta, eye lɔlɔ̃ lẽa eƒe fiazikpui ɖe te.

29 Ɖekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ, eye ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.

30 Ameƒoka ƒe abidede eme ŋu nyãa vɔ̃ ɖa, nenema enye ƒoƒo, si dea la me ke na ame hã.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan