Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Lododowo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuxɔxlɔ̃ bena, woadi nunya yome vevie, gake woakpɔ ame ɖokui dzi le ameblelawo ta.

1 Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ,

2 be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti,

3 ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la,

4 ne édii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la,

5 ekema ãse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.

6 Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso;

7 edzraa dzɔgbenyuie vavã ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo, akpoxɔnu wonye na amesiwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

8 ne wòakpɔ nu dzɔdzɔe ƒe toƒe ta, eye wòadzɔ eƒe mawumememe ƒemɔ ŋuyi.

9 Ekema ase dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe kple nuteƒewɔwɔ gɔme; mɔ nyuiwo katã gɔme nase;

10 ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu.

11 Tamebubu akpa dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò,

12 ne woade wò tso mɔ va dzi, le amesiwo gbiɔa godzenya la ŋu,

13 amesiwo gblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, be woazɔ blukɔ ƒe mɔ dzi,

14 amesiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu, eye wole aseye tsom ɖe godzedze vɔ̃ɖi ŋu,

15 amesiwo loƒe le gɔdɔ̃gɔdɔ̃, eye wodze tso woƒe mɔwo dzi;

16 ne wòaɖe wò tso ame tutɔ srɔ̃ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami de eƒe nyawo la, si me,

17 amesi gblẽ eƒe ɖetugbi me srɔ̃ ɖi, eye wòŋlɔ woƒe Mawu ƒe nubabla be;

18 elabena eƒe aƒe ɖo agu yi ku gbɔ, eye eƒe mɔwo yi tsiẽƒe.

19 Amesiwo katã yia egbɔ la, womegatrɔna gbɔna o, eye womegava tsoa agbemɔ me o.

20 Ne nato ame nyuiwo ƒe mɔ dzi, eye nalé ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ɖe asi.

21 Elabena nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame madifɔwo asusɔ de edzi;

22 ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan