Lododowo 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ahedala vɔ̃ Mawu Bometsitsi, kuviawɔwɔ kple fewuɖuɖu ƒe ŋukpe. 1 Ame dahe, si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, nyo wu amesi alakpa le eƒe nuƒoƒo me, eye wonye bometsila. 2 Nudzodzro tamebubu manɔmee menyo o, eye amesi do du eƒe afɔ la, ada aƒu. 3 Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu. 4 Kesinɔnu dzea xɔlɔ̃ geɖe ame, ke xɔlɔ̃wo kana le kotɔ ŋu. 5 Aʋatsoɖasefo metsi tomahe o, eye amesi nu alakpa ɖona le la, masi o. 6 Ame geɖewo wɔa ŋkumenui na bubume, eye amesi naa nu la, amewo katã dzea xɔlɔe. 7 Ame ɖahe nɔvlwo léa fui, ɖe eƒe xɔlɔwoya agbe kaka le eŋua? Amesi ti nya yome la, mezu naneke nɛ o. 8 Amesi ƒle nunya la, laa eƒe agbe, amesi dzra gɔmesese do la, eƒe asi tu nu nyui. 9 Aʋatsoɖasefo metsi tomahe o, eye amesi nu alakpa doa le le atsrɔ̃. 10 Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila o, ʋuu keke kluvi nahayi aƒetɔ ɖu ge ɖe amegãwo dzi o. 11 Amesi gbee dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wonye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu. 12 Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene. 13 Vi tsibome enye dzɔgbevɔ̃e ne fofoa, eye nyɔnu nyawɔla enye betrɔ, si le ɖuɖum ɖaa. 14 Aƒe kple kesinɔnuwo nye ɖomenyinu tso eme fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona. 15 Kuviawɔwɔ ɖe wòɖɔa alɔ̃ eme, eye eme wɔƒome ɖɔe wunɛ. 16 Amesi dzraa sedede ɖo la dzraa eƒe agbe ɖo; amesi meléa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu o la, aku? 17 Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ. 18 He to na viwò, elabena mɔkpɔkpɔ gali; ke megaɖo ɖe tame be, yeawui o. 19 Amesi dzi kumi heliheli la, axe tohefe; elabena ne èbe, yeaxɔ nɛ la, ɖeko nagaɖo gãe ɖe dzi. 20 Se aɖaŋuɖoɖo, eye naxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nadze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me. 21 Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe aɖaŋudede nɔa anyi. 22 Dɔmenyo enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃, ahedada nyo wu alakpadada. 23 Yehowa-vɔvɔ̃ hea agbe vɛ, ame aɖi ƒo ana anyi, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava edzi o. 24 Ne kuviatɔ de asi agba me la, megagbugbɔnɛ yia eƒe nu me tete hã o. 25 Ne èƒo fewuɖula la, ekema eme bebewu adze nunya; ne woke mo na nugɔmesela la, ekema adze si nu. 26 Amesi se ŋuta le fofoa ŋu, eye wònyã dada la, vi vloe ŋukpenanuwɔla wònye. 27 Vinye, ne àse nyagbename vɔ, hafi ava te ɖa le sidzedze ƒe nyawo ŋu la, ekema dzudzɔe dzro. 28 Ɖasefo vlo ɖea alɔme le nya dzɔdzɔe ŋu, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu mia nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. 29 Tohehe le dzadzraɖo ɖi ɖe fewuɖulawo ŋu kple ƒoƒo ɖe bometsilawo ƒe mẽɖome ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana