Lododowo 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nunya noa xɔxɔ vanɛ; bometsitsi hea gbegblẽ vana. 1 Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana. 2 Nunyala ƒe aɖe hea sidzedze vɛ; ke bometsitsi doa go tso bometsila nu gbẽgbẽgbẽ. 3 Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã. 4 Aɖe fafɛ enye agbeti; ke ne alakpa le eŋu la, enye abidede dzi ŋu. 5 Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe; ke amesi bua mokaname la, adze nunya. 6 Kesinɔnu bɔ ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe me: ke gbegblẽ le ame vɔ̃ɖi ƒe nukpɔkpɔ me. 7 Nunyalawo ƒe nuyiwo le dzodzo dom sidzedze; ke bometsilawo ƒe dzi metoa mɔ ɖeka o. 8 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu. 9 Ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa: ke elɔ̃a amesi tia dzɔdzɔenyenye yome? 10 Tohehe vɔ̃ɖi enye amesi gblẽ mɔ dzɔdzɔe ɖi la tɔ; amesi lé fu mokaname la, aku. 11 Tsiẽƒe kple aʋlime le nuvo le Yehowa ŋku me, ʋuu keke wòahayi amegbetɔtowo ƒe dzi nye ge! 12 Fewuɖula melɔ̃na be, woagbe nya na ye o, eye meyia nunyalawo gbɔ o. 13 Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔ na vana le dziɖeƒo ŋu. 14 Nugɔmesela ƒe dzi dia sidzedze; ke bometsilawo ƒe nu meɖena le bometsitsi ŋu o. 15 Hiãtɔ ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ enye aglotutu atraɖi. 16 Nu vi nɔamesi, si ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu kesinɔnu geɖe, si me dzimaɖeɖi le. 17 Ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo. 18 Dɔmedzoetɔ ɖɔa avu, ke tufala tsia dzre nu. 19 Kuviatɔ ƒe mɔ enye ŋukpɔ; ke nuteƒewɔlawo ƒe toƒe enye mɔ tata. 20 Vi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke bometsila doa vlo dada. 21 Bometsitsi enye ame manyanuwo ƒe dzidzɔ; be nugɔmesela toa mɔ dzɔdzɔe. 22 Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpe dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi. 23 Ame ƒe nu ƒe nya ŋuɖoɖo doa dzidzɔ nɛ; eye aleke nya, si wogblɔ de egblɔɣi la, mehevivinae oa? 24 Nunyalawo ƒe agbemɔ do ta dzi, ne woaƒo asa na tsiẽƒe le anyi me. 25 Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe da, ke edoa liƒo na ahosiwo. 26 Tameɖoɖo vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nya dzeto dzana le eŋku me. 27 Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe. 28 Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu; ke vɔ̃ɖiwɔwɔ le dodom le ame vɔ̃ɖi nu gbẽgbẽgbẽ. 29 Yehowa le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa. 30 Mokɔkɔ doa dzidzɔ na dzi; nya nyui xɔxɔ dea amí ƒuto me. 31 To, si sea mokaname agbetɔ la, nɔa nunyalawo dome. 32 Amesi gbea amehehe la, edoa vlo eya ŋutɔ ɖokui; ke amesi sea mokaname la, adze nunya. 33 Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana