Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Lododowo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunyala kple bometsila ƒe ɖokuilele.

1 Amesi lɔ̃a amehehe la, elɔ̃a sidzedze; ke amesi léa fu mokaname la, gbemelãe.

2 Ame nyui ƒe nu nyoa Yehowa ŋu, ke ebua fɔ ayeme la.

3 Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mana amegbetɔ nali ɖi o; ke ame dzɔdzɔe ƒe ke maʋã o.

4 Nyɔnu zãzɛ enye fiakuku na srɔ̃a; ke nyɔnu ŋukpenanuwɔla enye ŋuɖui le eƒe ƒuwo me.

5 Ame dzɔdzɔewo ƒe tamesusuwo le eteƒe; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudedewo nye alakpa.

6 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya ɖea xa ɖe ameʋu ŋu; ke dzi me dzɔdzɔetɔwo ƒe nu ɖea wo.

7 Woatutu ame vɔ̃ɖiwo aƒu anyi, eye womaganɔ anyi o; ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe atsi anyi.

8 Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.

9 Ame tsa, si si subɔla le la, nyo wu amesi le asi tɔm akɔ, gake abolokoe le ewɔm.

10 Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti; ke dzi kplala li na ame vɔ̃diwo.

11 Amesi de eƒe agble la, akpa abolo fu; ke amesi le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o.

12 Nu vlo wɔlawo ƒe aboyonu le ame vɔ̃ɖiwo dzrom; ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke adze.

13 Nuyiwo ƒe ɖaɖaƒu enye mɔ̃ na vɔ̃ɖitɔ la; ke ame dzɔdzɔe sina le hiã nu.

14 Amegbetɔ ƒe nu ƒe kutsetse hea nyui vana nɛ taŋtaŋ, eye nusi ame ƒe asi wɔ la, eya gbugbɔna vana nɛ

15 Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ŋku me; ke nunyala doa to aɖaŋuɖoɖo.

16 Bometsila mesea dzikudodo o; ke amesi ɣlaa eƒe dzu la, nunyalae.

17 Amesi nu nyateƒe donu le la, gblɔa nusi le eteƒe; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.

18 Amea, ɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.

19 Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.

20 Alakpa le dzi me na amesiwo ɖo vɔ̃wɔwɔ; ke amesiwo ɖea adaŋu le ŋutifafa ŋu la, hea dzidzɔ vɛ.

21 Vɔ̃a ɖeke mekpe ame dzɔdzɔe o; ke ame vɔ̃ɖiwo la, dzɔgbevɔ̃ego wonye.

22 Alakpanuyiwo nye ŋunyɔ na Yehowa; ke amesiwo wɔa nuteƒe ƒe nu nyoa eŋu

23 Nunyala mekɔa nu le eƒe sidzedze dzi o; ke bometsila ƒe dzi doa boblo eƒe bometsitsi.

24 Veviedola ƒe asi aɖu fia; ke kuviatɔ adzɔ nu.

25 Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.

26 Ame dzɔdzɔe tsaa ŋu na eƒe lãnyiƒe; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.

27 Kuviatɔ memea eƒe adelã o; ke veviedodo la nu xɔasi wònye na amegbetɔ.

28 Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi; ke mɔ dzeɖexɛ kplɔa ame yia ku mee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan