Lododowo 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dzɔdzɔenyenye yayiɔ nuvɔ mayramayra. 1 Salomo ƒe lododowo. Ɖevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada. 2 Kesinɔnu madzɔmadzɔ menye viɖea ɖeke o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku; me. 3 Yehowa megbea ame dzadzɔewo ƒe dɔwuamenutsitsi o; ke etutua ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi ɖa. 4 Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le dɔ ŋu la, ado ko, ke veviedolawo ƒe asi hea kesinɔnu vɛ. 5 Amesi ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la, vi nyanue, amesi dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi wɔŋukpenanue. 6 Yayra ava ame dzɔdzɔe ƒe ta dzi, ke ŋutasesẽ ɣla de ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me. 7 Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna. 8 Amesi nunya le tagbɔ na la, xɔa sedede na eɖokui: ke bometsila si glãgbɔ li na la, ɖea eɖokui gbegblẽ me. 9 Amesi ƒe azɔlime ŋu fɔɖiɖi mele o la, azɔ dedie; amesi glɔ̃ eƒe mɔ la, asi atui. 10 Amesi miãa ŋku ɖe ame la, hea dziku ve; bometsila, si glãgbɔ li na la, ɖea eɖokui gbegblẽ me. 11 Agbevudo enye ame dzɔdzɔe ƒe nu, ke ŋutasesẽ yɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me. 12 Fuléle dea dzre aƒe, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi. 13 Nugɔmeselawo ƒe nuyiwo dzi wokpɔa nunya lena, ke ame manyanuwo ƒe mẽdome tɔ enye ali. 14 Nunyalawo dzraa sidzedze ɖo; ke bometsila ƒe nu te ɖe gbegblẽ ŋu. 15 Hotɔ ƒe kesinɔnuwo nye du sesẽ nɛ, ke hiãtɔ ƒe gbegblẽ enye eƒe ahedada. 16 Ame dzɔdzɔe wɔa eƒe dɔwɔfetu ŋu dɔ hena agbenɔnɔ, tame vɔ̃ɖi la wɔa eƒe viɖe ŋu dɔ hena nuvɔ̃wɔwɔ. 17 Amesi dzraa amehehe ɖo le ele agbemɔ dzi; ke amesi mebua mokaname o la, etra mɔ. 18 Amesi léa fu ame le adzame la, alakpanue; eye amesi ha ame gɔme la, bometsilae. 19 Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o, ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae. 20 Klosalo nyuitɔ enye ame dzɔdzɔe le aɖe, ke eme vɔ̃ɖi ƒe dzi mele ɖeke me o. 21 Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi kplɔa ame geɖewo; ke numenya wua bometsilawo. 22 Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee. 23 Alesi nu vlo wɔwɔ nye fefenui na bometsila la, nenema nunya le na nugɔmesela. 24 Nusi sim ame vɔ̃ɖi le la, eyae dzɔna ɖe edzi; ke ame nzɔdzɔewo ƒe didi vaa eme na wo. 25 Ne ahomya ƒo la, ekema ame vɔ̃ɖi la nu ayi; ke ame dzɔdzɔe la ali ke tegbee. 26 Alesi aha tsitsi le na aɖuwo kple dzudzɔ na ŋkuwo la, nenema kuviatɔ le na amesi dɔ dɔe. 27 Yehowa-vɔvɔ dzia agbe me ŋkekewo ɖo edzi; ke ame vɔɖiwo ƒe ƒewo ato ɖe eme? 28 Ame dzɔdzɔewo ƒe lala zua dzidzɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua ya 29 Yehowa ƒe mɔ enye mɔ̃ sesẽ na fɔmaɖila, ke enye gbegblẽ na nu madzɔmadzɔ wɔlawo. 30 Ame dzɔdzɔe maʋã akpɔ o tegbee, ke ame vɔ̃ɖiwo matsi anyigba dzi o. 31 Nunya míena tsoa ame dzɔdzɔe ƒe nu me, ke alakpaɖe atsrɔ̃. 32 Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi nyaa nya dzeto gbɔgblɔ, ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu enye alakpago. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana