Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Konyifahawo 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dukɔ la ƒe amenuveve yome didi.

1 Yehowa, do ŋu nusi dzo ɖe mía dzi la; ɖo ŋku anyi nakpɔ míaƒe ŋukpe ɖa!

2 Míaƒe domenyinu ge ɖe amedzrowo si me, eye míaƒe aƒewo ge ɖe ɖu bubu me tɔwo si me.

3 Tsyɔ̃eviwo míenye, tɔ mele mía si o, eye mía nɔwo zu ahosiwo.

4 Gae míetsɔna hafi noa míaƒe tsi, eye ɖe míeƒlea míaƒe nakewo.

5 Woti mía yome kplikplikpli, ɖeɖi te mía ŋu, ke womena míegbɔ ɖe eme o.

6 Míena ta Egipte kple Asur, ne míakpɔ abolo aɖu aɖi ƒo.

7 Mia fofowo wɔ nuvɔ̃, eye womegali o, ke míawo míele woƒe vodadawo tsɔm.

8 Kluviwo le amegã ɖum ɖe mía nu, ke amea ɖeke mele mía ɖem le wo si me o.

9 Míaƒe agbe míetsɔ ɖaɖi aboloe, le yi, si le gbe dzi ta.

10 Dɔwuame heliheli na míaƒe ŋutigbalẽ ʋu dzo hẽ abe kpo ene.

11 Wogblẽ nyɔnuwo le Zion kple ɖetugbiwo le Yuda-duwo me.

12 Wode ke ve na amegãwo, eye womesi amegã ɖeɖiwo ŋku me o.

13 Ɖekakpuiwo le te ɖe te, eye ɖeviwo dze anyi ɖe nake te.

14 Ame tsitsiwo vɔ le ʋɔnu, eye ɖekakpuiwo megale saŋku ƒom o.

15 Míaƒe dzidzɔ nu tso, míaƒe ɣeɖuɖu zu nuxaxa.

16 Míaƒe fiakuku ge le mía ta. Baba na mí be, míewɔ nuvɔ̃!

17 Eyata míaƒe dzi le nu xam, eye míaƒe ŋkuwo zu vi

18 ɖe Zion-to la ŋu, elabena ezu gbegbe, eye abeiwo le edzi tom.

19 Ke wò Yehowa, èlí tegbee, eye wò fiazikpui nɔa dzidzimewo katã me.

20 Nukaŋuti nèŋlɔ mí be ɖikaa, eye negblẽ mí ɖi eteƒe didi ale?

21 Yehowa, trɔ mí ɖe ŋuwò, ne míatrɔ; wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe tsa ene.

22 Alo ɖe negbe nu keŋ, eye nèɖo dɔmedzoe ɖe mia ŋu vevie ŋutɔŋutɔa?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan