Konyifahawo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yeremya ƒe konyifafa kple akɔfafa. 1 Nyee nye ŋutsu, si kpɔ hiã teƒe le eƒe ameƒoti le. 2 Ekplɔm, eye wòna mezɔ viviti me, menye kekeli me o. 3 Ŋunyee wòle eƒe asi trɔm ɖo ɖaa atraɖi le ŋkeke blibo la me. 4 Edze lã kple agbalẽ le ŋunye yaʋayaʋa, eye wògbã nye ƒuwo. 5 Etsɔ aɖi kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye godoo va kpe. 6 Ena menɔ blukɔ me abe emesiwo ku gbaɖegbe ke ene. 7 Eɖo gli ɖe ŋunye, toƒe meli o, eye wòna nye kɔsɔkɔsɔwo nu sẽ ɖe dzi. 8 Ne mele ɣli dom le eyɔm hã le, etua nu ɖe nye gbedodoɖa nu. 9 Etsɔ kpe gãwo ɖo amli ɖe nye mɔ dzi, eye wògɔdɔ̃ nye toƒe. 10 Sisiblisi, si ɖe xa ɖi, kple dzata, si le xa me, wònye nam. 11 Ekplɔm trae, eye wòvuvum hetsɔ wɔ nu dziŋɔe. 12 Ehe eƒe ɖa me, eye wòtsɔm ɖo nudzidzea ne eƒe aŋutrɔwo. 13 Eɖo eƒe dakumeviwo ɖe nye ayikuwo me. 14 Metrɔ zu nu ɖikokoea na nye dukɔ kple woƒe hamelo ŋkeke blibo la. 15 Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam, eye wòkpe atsa nam meno. 16 Ena ahliha ŋe aɖu nam, eye wòtigim ɖe dzowɔ me. 17 Woxɔ ŋutifafa le nye luʋɔ si, eye meŋlɔ dzɔgbenyuie be. 18 Mebe, nye ŋusẽ nu yi, eye mebu mɔkpɔkpɔ na Yehowa. 19 Ɖo ŋu nye hiã kple nye fukpekpe, atsa kple aɖi. 20 Ɖo ŋui, nagaɖo ŋui ɖe dzi be, nye luʋɔ xa gobaa le menye. 21 Mene esia nade dzigbɔ nam, eyata mele mɔ kpɔm be: 22 Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o; 23 ke boŋ ete yeye ŋɖi sia ŋɖi, eye wò amenuveve tri akɔ! 24 Nye luʋɔ be: Nye gome enye Yehowa, eyata mele esinu kpɔm ɖo. 25 Yehowa ƒe ɖɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ si le edim la ŋu. 26 Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm. 27 Enye na ŋutsu be, wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime. 28 Nebɔbɔ nɔ aga, eye wòazi ɖoɖoe, elabena eyamae tsoe ɖo edzi; 29 netsɔ eƒe nu ƒo ɖe ke me, ɖewohi mɔkpɔkpɔ gali; 30 neɖo to me anyi na amesi le eƒom, eye netsɔ ŋukpe ɖi ƒoe. 31 Elabena Aƒetɔ la megbea ame ɖikaa o; 32 ke boŋ ne edo nuxaxa na ame la, egakpɔa nublanui le eƒe amenuveve geɖe la nu. 33 Elabena mewɔa fu ame, eye medoa nuxaxa na amegbetɔviwo le dzidzɔ teƒe o. 34 Ne wofanya anyigba dza gatɔwo katã kple afɔ, 35 ne wote ame ƒe nya de to le dziƒoʋitɔ la ŋku me, 36 eye wotrɔ gbo ame ƒe dzrenya la, ɖe Aƒetɔ la makpɔe oa? 37 Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o? 38 Ɖe vɔ̃ kple nyui metsoa dziƒoʋitɔ la nu me oa? 39 Nuka ta amegbetɔ le nu xam le eƒe agbe me? Amesiame nexa nu le eƒe nuvɔ̃ ŋu boŋ. 40 Mina míaɖo míaƒe zɔzɔme a pɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu! 41 Mina míakɔ míaƒe dzi kple míaƒe asiwo dzi ɖo ɖe Mawu le dziƒo. 42 Míawo míedze aglã, eye míesẽ to, eye wo la mètsɔe ke o. 43 Eɣla ɖokuiwò le dziku me, eye neti mía yome hewu mí, mèkpɔ mía ta o. 44 Eɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖaa ɖeke meɖi go ɖe egoɖo o. 45 Etsɔ mi wɔ gbeɖuɖɔ kple ŋunyɔnui le dukɔwo dome. 46 Miaƒe futɔwo katã ke nu ɖe mía ŋu baa. 47 Mía tɔ gome enye ŋɔdzi kple ʋe, tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ. 48 Nye ŋku le esi kplɔm yoyoyo le nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe gbegblẽ ta. 49 Nye ŋku le tsyɔtsyɔ dzi ɖaa, enu gbe tsotso, 50 vaseɖe esime Yehowa naɖo ŋku anyi akpɔe tso dziƒo. 51 Nye ŋku le veyem ɖe luʋɔ me ke nam le nye ɖu ƒe nyɔnuviwo katã ta. 52 Nye futɔwo yɔm ɖe nu yakatsyɔ abe xevi ene. 53 Wotigi nye agbe ɖe do me, eye wofɔ kpe ɖo dzinye. 54 Tsi fiẽ tanye, eye mebe: Evɔ nam! 55 Yehowa, wò ŋkɔe meva le do me ʋi ke. 56 Ese nya ɣli, megaɖe wò to da te nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfata nam o. 57 Etsɔ kpuie le gbesigbe meyɔ wo, eye nẽgblɔ be: Megavɔ̃ o! 58 Aƒetɔ, asiwò me nye nya le, eye nèɖe nye agbe 59 Yehowa, èkpɔ nye tetedeanyi, drɔ̃ nye nya nam. 60 Ekpɔ woƒe hlɔ̃biabiawo katã kple tame, si wodo ɖe ŋunye la. 61 Yehowa èse woƒe alɔmeɖeɖe kple tame, si woɖo ɖe ŋunye, 62 nye futɔwo ƒe nuƒoƒo kple woƒe susuwo ɖe ŋunye gbesiagbe. 63 De ŋku ɖe woƒe anyinɔnɔ kple tsitrenɔnɔ ŋu, hamelo menye na wo. 64 Yehowa, ɖo eteƒe na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu. 65 Tso tamesesẽ na wo, wo fiƒoɖe neva wo dzi! 66 Ti wo yome le dziku me, eye natsrɔ̃ wo ɖa le Yehowa ƒe dziƒoa te! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana