Konyifahawo 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yerusalem gbã, ele konyi fam, eye wòle ɖeɖe dim 1 Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du ga le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla. 2 Ele avi fam le zã me hehehe, eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvlwo dometɔa ɖeke mefa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃wo katã trɔ ʋu le eye me hezu eƒe fulɔwo. 3 Yuda ʋu dzo le teteɖeanyi kple dɔ sesẽ ta; ele dukɔwo dome, ke mekpɔ gbɔdzɔe o. Eyometilawo katã ɖatui le xaxɛƒe. 4 Zion-mɔwo to gbe, elabena amea ɖeke megava ŋkekenyuieɖuƒe o. Eƒe agbowo kam esi ƒuƒlu, eye eƒe nunɔlawo le hũ ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le ŋeŋem, eye eya ŋutɔ le veve sem. 5 Eƒe ketɔwo ƒe alɔ ɖe dzi, eye eme nyo na eƒe futɔwo, elabena Yehowa ye ɖo hiã nɛ le eƒe vodada sɔgbɔawo ta. Viawo dze ketɔwo ŋgɔ yi aboyo me. 6 Zion-nyɔnuvi ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu. Eƒe amegãwo le abe agbo, siwo mekpɔ gbeɖuƒea ɖeke o la ene, eye wole te klolo tem le wo yometilawo ŋgɔ. 7 Yerusalem le ŋu ɖom eƒe atsyɔ, siwo katã nɔ eŋu le blema ŋkekewo me la, le eƒe hiãɣi kple anyidzeɣi, elabena eƒe amewo tsi futɔ la si me, eye xɔnametɔ meli o. Ketɔ la kpɔe, eye woke eƒe toyiyi. 8 Nuvɔ̃e Yerusalem wɔ, eyata wòzu ŋunyɔnu. Amesiwo katã bui tsa la, la vlo domi, le esi wokpɔ eƒe ama ta. Ke eya ŋutɔ le hũ ɖem eye wòɖe eɖokui ɖe aga. 9 Ɖiƒoƒo le eƒe avɔ toga, meɖo ŋu eƒe nuwuwu o. Tete wòyi to vevie, eye akɔfalaa ɖeke meli o. Yehowa, lé ŋku ɖe nye hiã ŋu, elabena futɔ la le asi tɔm akɔ! 10 Futɔ la do asi ɖe eƒe nu veviwo katã ŋu; elabena ekpɔ ɖukɔ, siwo nèɖe se na be, womegava wò amehawo ɖome o la, woge ɖe eƒe kɔkɔeƒe la. 11 Eƒe amewo katã le hũ ɖem hele abolo dim. Wotsɔ woƒe nu veviwo na ɖe nuɖuɖu la, ne woalé agbe ɖe te. Yehowa, ɖo ŋku anyi nakpɔ alesi woɖo vlom ɖa! 12 Eyata mi amesiwo katã va to mɔ dzi yina, miɖo ŋku anyi, ne miakpɔ nu be, vevea ɖe ɖe vevesese, si va dzinye, kple nuxaxa, si Yehowa ɖo nam le eƒe dɔmedzɔe heliheli ɖogbe la nu mahã? 13 Eɖo dzo ɖa tso dzi me ɖe nye ƒuwo me, eye wòɖi hã ɖe dzinye. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo, wògbugbɔm ɖe megbe, ana mezu gbegbe, eye mele nuxaxa dzi ɖaa. 14 Eƒe asi na nye vodadawo ƒe kɔkuti nu sẽ, eblae ɖe nye kɔʋume, eye wona ŋusẽ va le ŋunye. Aƒelɔ la tsɔm ɖe asi na amesiwo nu nyemate ŋu ana te ɖo o. 15 Aƒetɔ la tsa nye kalẽtɔwo katã ƒu gbe le donyeme, eɖe gbe ƒã ŋkekenyuie ɖe ŋunye, ne woagbã nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Aƒetɔ la fiã wein na Yuɖa-ɖetugbi. 16 Esia ta mele avi fam, eye nye ŋkuwo le aɖatsi kplɔm yoyoyo ɖo; akɔfala, si afa dzi nam la, le adzɔge nam. Wotsrɔ̃ vinyewo, elabena futɔ la ƒe alo ɖe dzi. 17 Zion ke eƒe abɔwo me, ke akɔfalaa ɖeke meli nɛ o. Yehowa ɖɔ ketɔwo ɖe Yakob ŋu goɖoo va kpe, eye Yerusalem zu ŋunyɔnu le wo dome. 18 Yehowa ta dzɔ, elabena mesẽ to ɖe eƒe nyawo ŋu. Mi dukɔwo katã, misee, eye milé ŋku ɖe nye vevesese ŋu! Nye ɖetugbiwo kple nye ɖekãkpuiwo yi aboyo me. 19 Meyɔ nye ahiãviwo, ke woblem. Nu te nye nunɔlawo kple ame tsitsiwo ŋu le dua me, elabena wole nuɖuɖu dim, ne woatsɔ lé woƒe agbe ɖe te. 20 Yehowa, kpo alesi vɔvɔ̃ ɖom ɖa! Nye dɔkaviwo ʋu dzo hẽ, eye nye dzi le togotogoe ƒom le menye, le esi mese to ta. Yi le nu gblẽm le xexe abe ku le aƒe me ene. 21 Wose alesi mele hũ ɖemee, ke xɔnametɔa ɖeke meli o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃e ŋkɔ, eye wole dzidzɔ kpɔm, elabena wòe wɔe. Ne éhe ŋkeke, si ŋu nèɖe gbe ƒã le vɛ la, ekema woawo hã woanɔ abe nye ene. 22 Woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã neva ŋkuwò me, eye nawɔ na wo, abe alesi nèwɔm le nye vodadawo katã ta ene; elabena nye hũɖeɖewo sɔ gbɔ, eye nye dzi le nu xam. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana