Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzidzɔ nu va yi vɔ, gake tsɔtsɔke gale.

1 Israel, megakpɔ dzidzɔ o, megatso aseye abe ɖukɔwo ene o! Elabena èwɔ gbolo, ètrɔ ʋu le wò Mawu yome, eye nelɔ̃ gbolonunana le lugbɔƒewo katã.

2 Lugbɔƒe kple ahafiãƒe manyi wo o, eye aha yeye aflu wo.

3 Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.

4 Womaƒo wein ɖe anyi na Yehowa o, eye woƒe akpedavɔsawo maɖo dzidzɔ nɛ o; kuteƒenuɖuɖu wònye na wo; amesiwo katã ɖui la, agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui; elabena woƒe nuɖuɖu la, woƒe ɖɔ nu koe wòle ɖo, wometsɔe va Yehowa ƒe mee o.

5 Nuka miawo le takpegbe kple Yehowa ƒe ŋkekenyuie la dzi?

6 Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Mof aɖi wo. Dza ato ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi, eye aŋɔka amie ɖe woƒe agbaɖɔwo me.

7 Tohegbe ɖo, eye teƒeɖogbe ɖɔ, Israel adze sii! Nyagblɔɖila tsi bome, eye amesi si gbɔgbɔ le la, zu tsukunɔ le wò vodada gbogboawo kple fuléle geɖeawo ta.

8 Gbetakpɔ la enye Efrayim de nye Mawu ŋu; mɔ̃ka enye nyagblɔɖila le eƒe toƒewo katã, eye fuléle le eƒe Mawu ƒe aƒe me!

9 Wogbẽ wòtso me abe le Gibea ŋɔli ene; ado ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.

10 Mefɔ Israel le gbegbe abe weintsetse ene, eye mekpɔ mia fofowo abe gbotsetse ŋgɔgbea ene; ke esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.

11 Efrayim ƒe ŋutikɔkɔe adzo abe xevi ene, vidzidzi kple fulɔfɔa ɖeke manɔ anyi o.

12 Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.

13 Eye meɖo ŋku anyi kpɔ Efrayim vaseɖe Tiro be: wodoe ɖe lãnyiƒe, ke Efrayim akplɔ viawo ayi na amewula.

14 Yehowa, nuka nana wo ma? Na dɔ tsikɔ kple no ƒuƒu kplalɛ wo.

15 Wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le Gilgal; afima melé fu wo le le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta; manyã wo atso aƒenye me, eye nyemagalɔ̃ wo azɔ o; woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.

16 Ati ŋɔɖua enye Efrayim, woƒe kewo ayrɔ, eye womatse ku o; ne wobe, yewoadzi vi hã la, mawu woƒe dɔmevi, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o.

17 Nye Mawu agbe wo, elabena womeɖo toe o, eye woanɔ tsa glãla tsam le dukɔwo dome.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan