Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Futɔ la do ɖe dukɔ, si subɔ legba la dzi.

1 Tsɔ kpẽ ɖo nu! Egbɔna Yehowa ƒe aƒe la dzi abe hɔ̃ ene! Elabena wotu nye nubabla la, eye wosẽ to de nye seawo ŋu.

2 Wole ɣli dom nam be: Nye Mawu, mi Israel-viwo míedze si wò!

3 Israel do vlo nu nyui; futɔ neti eyome!

4 Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.

5 Samaria, wò nyivi le ŋu nyɔm, nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ɣekaɣi hafi woate ŋu ana wo ɖokui ŋu nadza?

6 Elabena Israel wòdzɔ tso, gbede ye wɔe, eye menye Mawu wònye o; eyata Samaria ƒe nyivi la afli kakɛkakɛ.

7 Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa, vvoƒe nukuwo mamie o; ahɔ̃liti matse ku o, ne eme hã la, ame tutɔwo aɖui.

8 Woami Israel; azɔ woanɔ dukɔwo ɖome abe ze ɖigbɔ ene.

9 Elabena woyi Asur; gbetedzi la, eya ɖeka koliae nɔa anyi, ke Efrayim ya na nu eƒe ahiãviwe.

10 Ne wogana ahiãnu le ɖukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu ɖe wo ŋu, eye woavo vie tso amegãwo ƒe fia ƒe adzɔnana si me.

11 Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ, ne wòatsɔ awɔ nutala, eye vɔsamlekpuiawo zu nuvo nɛ.

12 Ne meŋlɔ nye se akpe nane nɛ hã la, ebunɛ abe ame tutɔ tɔe wonye ene.

13 Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.

14 Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan