Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifafa le Israel ŋuti.

1 Ne mebe, mada gbe le Israel ŋu la, Efrayim ƒe vodadawo kple Samaria ƒe nu vɔ̃di wɔwɔwo dee ta ɖa. Elabena wodaa alakpa, fiafitɔwo dzea kpɔ, eye adzohawo nɔa nu ham le mɔ dzi.

2 Womegblɔ le woƒe dzi me kpɔ be, yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kala le ŋku dzi nam o.

3 Azɔ woƒe nuwɔwɔwo ɖe to ɖe wo, eye wotsɔ woƒe alakpadada do dzidzɔ na amegãwo

4 Ahasitɔwowo katã wonye, wole abe kpo, si me aboloƒola do dzo ɖo ene; ne eblu amɔwɔ la, edzadzɔa dzoa tutu ɖo, vaseɖe esime wòaʋã.

5 Le míaƒe fia ƒe ŋkekenyuie dzi la amegãwo tsɔã wein ƒe dzoʋuʋu dea dɔ lã me na wo ɖokui; ebɔa ha kple fewuɖulawo.

6 Elabena woƒe dzi le bibim abe kpo ene le woƒe ayedzedze me; woƒe aboloƒola dɔ alɔ̃ le zã blibo la me, eye wòbi le ŋdi flaflafla.

7 Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.


Gbeƒãɖeɖe tohehe la.

8 Efrayim tsaka kple dukɔwo: Efrayim le abe abolo, si woƒo de afi dzi, eye wometrɔe o la ene.

9 Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, ke medze sii o; eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o.

10 Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o.

11 Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.

12 Ne wonya yi ko la, mada asabu de wo dzi, maɖidi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene, eye mahe to na wo, abe alesi wotoe na woƒe amehawo ene.

13 Baba na wo, elabena wodzo le gbɔnye! Gbegblẽ neva wo dzi, elabena wotrɔ ʋu le yonyeme! Mebe, maɖe wo, ke woawo da alakpa ɖe asinye.

14 Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.

15 Nyee fia nu wo, eye mede ŋusẽ woƒe alɔwo, ke woɖo ta me vɔ ɖe ŋunye.

16 Wotrɔ, ke menye ɖo ta dziƒo o, eye wole abe dati doagblɔ ene; woƒe amegãwo atsi yi nu le woƒe aɖe ƒe nyanyrã la; esia woatsɔ aɖe alɔmee le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan