Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu hea to na ame, bena woagatrɔ dzi me.

1 Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.

2 Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me.

3 Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.

4 Efrayim, nuka mawu wò, eye Yuda, nuka mawɔ wò? Elabena míaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene.

5 Eyata meƒo wo to nyagblɔɖilawo dzi, metso nyee numenyawo wu woe, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ adze abe kekeli ene.

6 Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.

7 Ke woawo tu nyee nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima.

8 Gilead enye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye nu ƒoe.

9 Nunɔlawo ƒe ha le abe adzoblasu, siwo de xa ɖi la ene, wowu ame le Sixem-mɔ dzi, eye wowɔ ŋukpenanu.

10 Mekpɔ nusi mele gbɔgblɔ me o la, le Israel ƒe aƒe le me; Efrayim tsɔ ahasiwɔwɔ do dɔe le afima, eye Israel do gu eɖokui.

11 Yuda, wodo nuŋeɣi ɖi na wò hã, ne megaɖo nye dukɔ te.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan