Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋɔdzidodo na fiaɖuƒe eveawo.

1 Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwe miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi

2 kpla ʋe goglo le Sitim; ke mahe to na ml katã!

3 Menya Efrayim, eye Israel meɣla ɖem o; Efrayim, azɔ èwɔ ahasi, eye Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò.

4 Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.

5 Israel ƒe dàda aɖi ɖase ɖe mo nɛ kem Israel kple Efrayim adze anyi le woƒe vodadawo la, eye Yuda hã adze anyi akpe ɖe wo ŋu.

6 Woatsɔ woƒe alẽwo kple nyiwo ayi Yehowa di gee, ke womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.

7 Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.

8 Miku lãdzo le Gibea, eye miku kpẽ le Rama! Mido aƒa le Bet-Awen be: Benyamin, kpɔ megbewò!

9 Efrayim azu gbegbe le tohegbe; nusi megblɔ ɖe Israel ƒe toawo ŋu la, le eteƒe.

10 Yuda-amegãwo zu abe amesiwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi abe tɔɖɔɖɔ ene.

11 Wote Efrayim de anyi, eye wotso tohehe bɔbɔe de anyi, le esi wòlɔ̃ dze mawuwo ƒe sewo yome le ta.

12 Ke agbagblaʋuie menye na Efrayim, eye ŋɔ ɖunue menye na Yuda ƒe aƒe la.

13 Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.

14 Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.

15 Magagbugbɔ ayi nɔnyieƒe, vaseɖe esime woafufu ŋku ahadi nye ŋku me; ne wodo xaxa me la, woadi yonyeme mɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan