Hosea 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyahehe ɖe Israel ŋu le eƒe nuvɔ̃ ta. 1 Israel-viwo, mise Yehowa ƒe nya, Yehowa le dzre hem kple, anyigbadzitɔwo, elabena nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu mele anyigba dzi o. 2 Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu. 3 Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã. 4 Ɖeko amea ɖeke megawɔ dzre, eye wòaku mo na ame o, elabena wo dukɔ la le abe amesiwo nɔa dzre wɔm; kple nunɔlawo la ene. 5 Eyata àdze anyi le ŋkeke me, nunɔla hã adze enyi akpe ɖe ŋuwò le zã me, eye matsrɔ̃ dawò. 6 Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be. 7 Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe. 8 Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wo nye nuɖuɖu na wo, eye dɔ le wo wum ɖe woƒe vodada ŋu. 9 Ava me na nunɔla abe dukɔ la ene; mahe to nɛ le eƒe zɔzɔme ta, eye maɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ. 10 Ne woɖu nu la, maɖi ƒo na wo o, eye ne wowɔ ahasi la, womadzi ɖe edzi o, elabena wodzudzɔ ŋkuléle ɖe Yehowa ŋu. 11 Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame. 12 Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome. 13 Wosa vɔ le towo la me, eye wodo dzudzɔ le togbɛwo dzi, le fɔfɔliwo, sesewuwo kple logowo le, le esi woƒe vɔvɔli nyo ta; eyata miaƒe nyɔnuviwo awɔ gbolo, eye miaƒe tovɔvinyɔnuwo awɔ ahasi. 14 Nyemahe to na miaƒe nyɔnuviwo le esi wole gbolo wɔm ta o, eye nyemahe to na miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wole ahasi wɔm ta o; elabena woawo ŋutɔwo kplɔ ahasitɔwo de kpɔe, eye wosa vɔ kple gbolowo, ale be dukɔ manyanu la dze anyi. Woxlɔ̃ nu Yuda bena, eva hã nagawɔ nuvɔ̃ o. 15 Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o! 16 Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeagbo ene; azɔ Yehowa anyii abe alẽvi ene le leƒe gbaoo. 17 Efrayim dze xɔlɔ̃ kple legbawo, miɖe kɔ le eŋu! 18 Ne wono aha tsu vɔ la, wowɔa ahasi; woƒe amegawo lɔ̃a ŋukpenanuwɔwɔ. 19 Ya bla wo kɔtɔɔ, eye ŋukpe lé wo de woƒe vɔsawo ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana