Hosea 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu le dzigbɔgbɔ blewu agaɖe vi dukɔ la. 1 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“ 2 Tete metso klosalo sekel wuiatɔ̃ kple bli gomer ɖeka kple afã ƒlee. 3 Eye megblɔ nɛ bena: Nɔ gbɔnye kpoo eteƒe nadidi, megawɔ gbolo o, eye megaɖe ŋutsu bubua ɖeke o, eye alea nye hã mana na wò. 4 Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o. 5 Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana