Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel ƒe dzimetɔtrɔ, Mawu agayra Israel.

1 Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.

2 Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.

3 Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!

4 Asur mate ŋu axɔ na mí o, míagado sɔwo o, eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔ be mía Mawu azɔ o, elabena gbɔwò nublanuikpɔkpɔ le na tsyɔ̃eviwe.“

5 Mayɔ dɔ woƒe godzedze, eye malɔ̃ wo tso dzi me, elabena nye dɔmedzoe nu fa de wo ŋu.

6 Mana na Israel abe zãmu ene, aƒo se abe dzogbenya ene, eye wòato ke abe Libanon ene.

7 Eƒe alɔwo ava dranyi, adze ani abe amiti ene, eye wòaʋẽ lilili abe Libanon ene.

8 Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.

9 Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.

10 Amesi nye nunyala la, nese nusia gɔme; amesi si gɔmesese le la, nedze sii! Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo edze anyi; ɖe edzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan