Hosea 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ɖeɖe tso ku me. Nuvɔ̃ ƒe amegbegblẽ. 1 Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku. 2 Ke wogale nuvɔ̃wɔwɔ dzi; wotsɔ woƒe klosalowo kɔ nɔnɔmewoe, eye wotsɔ woƒe aɖaŋu wɔ legbawoe; gbede ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye; woawoe woƒoa nu na, eye vɔsalawo gbugbɔa nu na nyiviwo! 3 Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene. 4 Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o. 5 Melé ŋku ɖe ŋuwò la gbegbe, le kuɖinyigba dzi. 6 Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be. 7 Eyata mezu dzata na wo, eye mede xa de mɔ to abe lãkle ene. 8 Medze wo dzi abe sisiblisinɔ, si ŋu woɖe vi le la ene, maflo tsrokpa da le woƒe dzi ŋu, maɖu wo abe dzatanɔ ene, eye gbemelãwo avuvu wo. 9 Israel, wò gbegblẽ wònye, be nètso de nye, wò xɔnametɔ ŋu. 10 Afika wò fia le azɔ, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me, eye afika wò ʋɔnudrɔ̃lawo le, amesiwo ŋu nègblɔ le be: „Na fia kple amegãwom?“ 11 Mena fia wò le nye dɔmedzoe me, eye magaxɔe le nye dziku me. 12 Wodzi Efrayim ƒe vodadawo goŋgoŋ, eye wotu nu ɖe eƒe nuvɔ̃ nu sesĩe. 13 Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o. 14 Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam! 15 Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana