Hosea 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob ƒe agbenɔnɔ enye kpɔɖeŋu na eƒe ɖukɔ. 1 Efrayim tsɔ alakpadada ɖe to ɖem, eye Israel ƒe aƒe la tsa amefuflu ɖe to ɖem, ke Yuda gale eɖokui trɔm ɖe tsiƒo agbaƒo na eƒe Mawu, na kɔkɔetɔ nyateƒetɔ la ko. 2 Efrayim melɔ̃a nu le ya gbɔ o, eye wòtia ɣedzeƒeya yome; ele alakpadada kple ŋutasesẽ dzim de dzi gbesiagbe, eɖua dzo kple Asur, eye wòɖoa ami ɖe Egipte. 3 Yehowa le nya he ge kple Yuda, ahe to na Yakob le eƒe zɔzɔme nu, eye wòaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ. 4 Elé nɔvia ƒe afɔkpodzi le dɔ me, eye esi wòɖo ŋutsu me la, ete keme kple Mawu. 5 Ete kame kple mawudɔla, eye wòlée, efa avi, eye wòƒo koko nɛ; edo goe le Betel, eye wòƒo nu kplii le afima. 6 Yehowa enye Mawu Zebaot, Yehowa enye eŋkɔ. 7 Ke wò la trɔ de wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la do, eye naɖo dzi de wò Mawu ŋu ɖaa! 8 Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu. 9 Eye Efrayim gblɔ be: Mekpɔ ho, eye kesinɔnu su asinye, womekpɔ vodadaa ɖeke le nye dɔwɔwɔwo katã ŋu, si nye nuvɔ̃ o. 10 Nyee nye Yehowa, wò Mawui, tso Egipte-nyigba dzi ke, magana nanɔ agbadɔ me abe le ŋkekenyuieduɣi ene. 11 Meƒo nu kple nyagblɔɖilawo, mede ŋutega gedewo fia, eye mede lowo to nyagblɔdilawo dzi. 12 Esi Gilead wɔ nu vɔ̃ɖi la, eyata woatsrɔ̃ wo; esi wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilgal la, eyata woatsɔ woƒe vɔsamlekpuiwo ali kae ɖe boliƒo dzi le agble me abe kpewo ene. 13 Yakob si yi Aram-nyigba dzi; nyɔnu me Israel subɔ ɖo, eye nyɔnu tae wònyi lã ɖo. 14 Ke Yehowa kplɔ Israel tso Egipte to nyagblɔɖilaa ɖe dzi, eye wòna nyagblɔɖilaa ɖe kpe wo dzi. 15 Ke Efrayim do dziku nɛ vevie, eyata eƒe Aƒetɔ ahe eƒe hlɔ̃dodo ava edzi, eye wòaɖo eƒe vlodoame teƒe nɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana