Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu le nublanuikpɔkpɔ.

1 Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔe, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.

2 Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo.

3 Evɔ wònye nyee fia azɔli Efrayim, eye melée ɖe alɔ to hafi; ke womedze sii be, nyee da gbe le wo ŋu o.

4 Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nyee lɔlɔ̃ka la wo he, mena na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le kɔ la ene, eye mena nuɖuɖu wo.

5 Womagagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asur nenye woƒe fia, elabena wogbe tametɔtrɔ.

6 Yi ava woƒe duwo dzi, aŋe woƒe gametiwo, eye wòaɖu nu le woƒe tameɖoɖowo ta.

7 Aglãdzedze de ŋunye vivia nye dukɔ nu, eye ne woyɔ wo ɖo ta dzi hã la, wo ɖometɔa ɖeke mefɔa eɖokui dzi o.

8 Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!

9 Nyemawɔ nu le nye dɔmedzoe heliheli me o, eye nyemagagblẽ Efrayim azɔ o, elabena Mawu menye, eye menye amegbetɔ o, kɔkɔelɔ menye le dowòme, eye nyemava le dziku me o.

10 Woakplɔ Yehowa ɖo, ne eɖe gbe be dzata ene; elabena ele gbe ɖe ge, eye ɣetoɖoƒeviwo aɖe abla ava.

11 Woadzo tso Egipte abe xeviwo ene, eye abe ahɔnewo ene tso Asur-nyigba dzi, eye mana woanɔ woƒe aƒewo me; Yehowa ye gblɔe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan