Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hosea 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ne dzɔdzɔenyenye meli o la, xɔxɔa ɖeke hã mana anyi o.

1 Weinka, si vu dranyi, eye wòtse la, enye Israel; alesi wòtsee la, nenema nu wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖo; alesi eƒe anyigba nã nui la, nenema nu wòwɔ legbawo ɖo.

2 Woƒe dzi dze eve, eyata woakpɔe ɖe enu; agbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye wòagblẽ woƒe legbawo.

3 Ekema woagblɔ bena: Fiaa ɖeke mele mía si o; míegbe Yehowa vɔvɔ̃, nukae fia awɔ na mí ma?

4 Aɖe gã le nu me na wo, wokaa atam dzodzro, eye woblaa nu kple wo nɔewo, ale be ʋɔnudɔdrɔ̃ amie abe aɖigbe le boliƒo dzi le agble me ene.

5 Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.

6 Woakplɔ nyivi la ayi Asur atsɔ awɔ nunanae na fia Yareb; ŋukpe alé Efrayim, eye Israel ƒe mo atsi dã ɖe eƒe tameɖoɖo la ŋu.

7 Samaria ƒe fia abu abe futukpɔ le tɔ ŋgɔ ene.

8 Woatsrɔ̃ nuxeƒe, siwo Israel tsa wɔ nuvɔ̃e la ɖa le Awen, ŋuwo kple aŋɔkawo alo ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo bena; Mitsyɔ mía dzi! eye na togbɛwo be: Mimũ dze mía dzi!

9 Israel, èwɔ nuvɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke. Eya dzi wogale; ɖe ana matu ame vɔ̃ɖiwo le Gibea oa?

10 Mahe to na wo ɖe nye didi nu, eye dukɔwo aƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe wo ŋu, ne mebe, mahe lo na wo le woƒe vodada eveawo ta.

11 Efrayim enye nyivi mamlã, si nu luƒoƒo vivina: Mekpɔ eƒe kɔ nyui la ta vaseɖe fifi, ke azɔ matsi Efrayim ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba.

12 Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.

13 Miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, eye mieɖu alakpakutsetse; elabena èle dzi ɖom ɖe wò tasiaɖamwo kple wò aʋawɔla gbogboawo ŋu.

14 Aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome, eye woagbã wò mɔ̃ sesẽwo katã, abe alesi Salman gbã Bet-Arbel, eye wòxlã dadawo kple viwo ɖe nu la ene.

15 Betel, alea wòle mia wɔ gee le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ vivivo la ta; le ŋɖi kanya asimaɖetsimee la Israel-fia nu ayi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan