Hosea 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel le trɔ̃subɔsubɔ kple tohehe nɛ. 1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli. 2 Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome! 3 Tete wòyi ɖaɖe Gomer, Diblayim ƒe vinyɔnu, eye wòfɔ tu dzi ŋutsuvi nɛ. 4 Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ nɛ be Yezreel; elabena ekpɔtɔ vie mahe to na Yezreel ƒe hlɔ̃dodo ɖe Yehu ƒe aƒe la ŋu, eye matsi Israel ƒe aƒe ƒe fiaɖuƒe la nu. 5 Le ɣemaɣi la maŋe Israel ƒe dati le Yezreel-bali me la. 6 Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Tete wógblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ na be „Amemalɔ̃e,“ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe la atsɔe anɔ wo kem ɖaa o. 7 Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o. 8 Esi Amemalɔ̃e ɖi no nu la, egafɔ fu dzi ŋutsuvi. 9 Eye wògblɔ bena: Tsɔ ŋkɔ nɛ be „Manyenyedukɔe“, elabena menye nye dukɔ mienye o, eye nye hã nyemanye mia lɔ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana