Hiob ƒe Agbalẽ 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Hiob ƒe konyifafa 1 Emegbe Hiob ke nu heƒo fi de eƒe dzigbe. 2 Eye Hiob xɔ edzi gblɔ bena: 3 Gbesigbe wodzim kple zã, si gblɔ be, wodzi ŋutsuvi la, nebu! 4 Ŋkeke ma nedo viviti, Mawu megabia eta tso dziƒo o, eye keklẽ megaklẽ ɖe edzi o! 5 Viviti kple blukɔ negbugbɔe yii, alilikpo dodo netsyɔe edzi, eye zãdokeli neɖo dzikatsoƒoe nɛ! 6 Viviti nekplɔ zã ma yii, dzi megadzɔe le ƒe me ŋkekewo dome o, eye megana dzinuwo ƒe xexlẽ me o! 7 Kpɔ ɖa, zã ma neɖi ƒuƒlu, eye aseye megaɖi le eme o! 8 Amesiwo ɖoa golo ŋkeke, eye wotea ŋu ɖee adã ta me na ʋɔ driba la, nedo ɖiŋu nɛ! 9 Eƒe ŋukeɣleti neɖo viviti; nelala keklẽ, ke ɖeke megado o, eye megakpɔ agudzedze ƒe aɖaba o! 10 Elabena mexa danye ƒe vidzidɔ nu o, eye meɣla fuwɔame ɖe nye ŋkuwo o. 11 Nukaŋuti nyemeku ɖe ɖanye ƒe dɔ me oa? Eye esi medo tso dɔ me la, nukaŋuti nyemetso me o? 12 Nukata wotsɔm do akɔ eye nukata meno no ɖo? 13 Anye ne memlɔ anyi, eye megbɔ de eme, anye ne medɔ alɔ̃, eye medzudzɔ 14 kple anyigba dzi fiawo kple adaŋumegãwo, amesiwo tu; ameɖiƒewo na wo ɖokui, 15 alo kple amegã, siwo si sika bɔ ɖo, amesiwo ƒe yɔdo yɔ kple klosalo 16 Ɖe mele ahe la gege, si woɖe do ene la, anye ne nyemegali o; eye anye, ne mele abe vidzie, siwo mekpɔ kekeli kpɔ o la ene. 17 Afima ame nyanyrãwo dzudzɔ agbodzedze le, afima eme gbɔdzɔgbɔdzɔwo gbɔ ɖe eme le. 18 Gatɔwo hã gbɔ ɖe eme, eye womegale kplɔlawo ƒe gbe sem o. 19 Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa sɔ le afima, eye kluvi vo tso eƒe aƒetɔ si me. 20 Nukaŋuti wòna kekeli ayaɖulawo? Eye wòtsɔ agbe na nuxalawo? 21 Amesiwo le ku dzɔm, ke meva o, eye wole ŋu tsom nɛ wu kesinɔnuwo; 22 amesiwo akpɔ dzidzɔ atso aseye, ati kpo, nenyo be, woakpɔ yɔɖo: 23 ŋutsu, si ƒe mɔ bu ɖee, amesi ŋgɔ Mawu tɔ kpɔ ɖo. 24 Elabena nye tseɖuɖu xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe nam, eye nye hũɖeɖe le dodom abe tsi ene. 25 Elabena nusi vɔ̃m mele la, va dzinye, eye nusi ŋu mele dzodzom nyanyanya ɖo la, dzɔ ɖe dzinye. 26 Nyemekpɔ; ŋutilafa, dzudzɔ kple gbɔɖemea ɖeke o tso, hafi veveawo le ga: dom ɖe dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana