Hezekiel 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Aʋasisi le Yerusalem, wokpɔ mawuvɔ̃lawo ta. 1 Emegbe wòdo ɣli ɖe to me nam sesĩe gblɔ bena: Mihe du la ƒe tohehe vɛ, eye amesiame nele eƒe amewunu de asi! 2 Tete ŋutsu ade to dzigbegbo, si ɖo ta anyiehe la ƒe mɔ va, wo dome amesiame lé ametsrɔ̃nu ɖe asi, eye ŋutsua ɖe le dome na wo, amesi ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ. Eye wova he tsi tre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa. 3 Eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la ho tso Kerubiawo ta me, afisi wònɔ tsã la, heyi ɖe xɔ la ƒe kpui nu. Tete wòyɔ ŋutsu, si ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ la. 4 Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la. 5 Ke egblɔ na ame kemeawo mese bena: Minɔ eyome miatsa le dua me, eye mida nu ame! Miaƒe ŋku megakpɔ nublanui o, eye migakpɔ ame ta o. 6 Miwu amegã ɖeɖiwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖeviwo kple nyɔnuwo, ne miatsrɔ̃ wo; ke migade asi amesiwo katã ŋu dzesi le la ŋuti o, eye midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la gbɔ! Tete wodze egɔme ɖe ame tsitsi, siwo le aƒea ŋgɔ la ŋu 7 Eye wògblɔ na wo bena: Migblẽ kɔ ɖo na aƒe la, eye mitso ame kukuwo yɔ xɔxɔnu la taŋ! Miho yi! Tete woyi ɖawu amewo le dua me. 8 Eye wòva me, esime wowu wo, eye nye ɖeka mekpɔtɔ la, metsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame susɔeawo katãe nèbe, yeatsrɔ̃, esi nètrɔ̃ wò dziku ƒo ɖe Yerusalem dzia? 9 Tete wòɖo ŋu nam bena: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe vodada sɔ gbɔ ŋutɔ, hlɔ̃dodo yɔ anyigba dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ le dua me fũ; elabena wole gbɔgblɔm be: Yehowa gblẽ anyigba la ɖi, Yehowa mele mía kpɔm o. 10 Eyata nye hã nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo la o, ke boŋ mahe woƒe zɔzɔme ava woƒe ta dzi. 11 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu, si ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ la, trɔ gbɔ gblɔ bena: Mewo, abe alesi nède se nam ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana