Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wokplɔ Xezekiel yi Yerusalem, eye wòkpɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒe ŋunyɔnu le gbedoxɔ me.

1 Eye wòva me, esime mebɔbɔ nɔ aƒenye me le ƒe adelia me, le dzinu adelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, eye Yuda ame tsitsiwo bɔbɔ nɔ ŋkunye me la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afima.

2 Eye medo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane le abe ame ene; eƒe ali ƒe anyi me gome le abe dzo ene, eye eƒe ali ƒe dzi me gome ɖi kekeli hele abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene.

3 Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.

4 Eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le afima abe nɔnɔme, si mekpɔ le bali la me ene.

5 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, fa ko dzi ɖe anyiehe gome! Tete mefɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, ŋuʋaʋã ƒe legba sia le vɔsamlekpui la ƒe agbo la nu le anyiehe gome.

6 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èle nusi wɔm wole la kpɔma? Ŋunyɔnu gã Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afisia, ne wòatsɔ anyãm ɖa le nye kɔkɔeƒe la ŋu; ke ègale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge.

7 Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mo nu, eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, do le glia me.

8 Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ŋɔ gli la! Eye esi meŋɔ glia la, kpo ɖa, ʋotrua ɖe li.

9 Eye wògblɔ nam bena. Yi ɖe eme, ne nakpe ŋunyɔnu vɔ̃ɖi, siwo wɔm wole le afisia la ɖa!

10 Esi mege ɖe eme la, kpɔ ɖa, wota nutatawo kple lãfɔnewo, siwo nye ŋunyɔnuwo la ƒe nɔnɔme vovovowo, kple Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo katã ɖe glia ŋu godoo va kpe.

11 Eye Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ blaadre, amesiwo nu Yaazanya, Safan vi, le la tsi tre de wo ŋgɔ, amesiame lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋẽe de dzi kɔtɔɔ.

12 Tete wògblɔ nam be: Amevi, ele nusi Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ ɖesiaɖe le wɔwɔm le vivi me le eƒe xɔvi, si me nɔnɔmetatawo le me la kpɔma? Wole gbɔgblɔm be: Yehowa mele mía kpɔm o, Yehowa gblẽ anyigba la ɖi!

13 Emegbe wògblɔ nam bena: Egale ŋunyɔnu gã, siwo wɔm wole la, kpɔ ge.

14 Eye wòkplɔm va Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo, si le anyiehe gome la nu, kpɔ ɖa, nyɔnuwo bɔbɔ nɔ afima le fafam na Tamus.

15 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èkpɔea? Egale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge wu esia.

16 Eye wòkplɔm va Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu metɔ, kpɔ ɖa, ano ŋutsu blave vo atɔ̃ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mo nu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome, wòtrɔ megbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye wotrɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe hele gbe dom ɖa na ɣe do de ɣedzeƒe gome.

17 Eye wògblɔ nam be: Amevi, èkpɔea? Ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋunyɔnu, siwo wɔm wòle le afisia, mesɔ gbɔ nɛ o, hafi wotsɔ ŋutasesẽ le anyigba dzi yɔm, eye wole dziku dom nam de edzia? Kpɔ ɖa, wotso hahlayɛ le dodom ɖe woƒe ŋɔti nu.

18 Eyata nye hã mawo nu le dziku me, nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo ta o; eye me wodo ɣli ɖe to me nam sesĩe hã la, nyemasee na wo o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan