Hezekiel 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe tohehe no Israel ŋɔdzitɔe. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Israel-nyigba ŋu enye si: Nuwuwu gbɔna, nuwuwu gbɔna na anyigba la ƒe go eneawo! 3 Azɔ nuwuwu gbɔna na wò, eye mada nye dɔmedzoe ɖe ŋuwò, madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme nu, eye mahe wò ŋunyɔnuwo katã ava dziwò; 4 nye ŋku makpɔ nublanui na wò o, eye nyemakpɔ tawò o; ke boŋ mahe wò zɔzɔme ava dziwò, eye wò ŋunyɔnuwo anɔ dowòme, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 5 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e kplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo gbɔna! 6 Nuwuwu gbɔna, nuwuwu gbɔna, efɔ ɖe ŋuwò, kpo ɖa, egbɔna! 7 Anyigbadzinɔla, nuwɔame gbɔna ɖe dziwò! Ɣeyiɣi la gbɔna, nuxagbe tu aƒe, eye menye aseyetsotso le towo dzi o! 8 Azɔ ekpɔtɔ vie matrɔ nye dziku aƒo ɖe dziwò, eye nye dɔmedzoe katã nu nafa ɖe ŋuwò, madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme nu, eye mahe wò ŋunyɔnuwo katã ava dziwò: 9 Nye ŋku makpɔ nublanui na wò o, eye nyemakpɔ tawò o, mahe wò zɔzɔmewo ava dziwò, eye wò ŋunyɔnuwo anɔ dowòme, ne miadze sii be, nye Yehowa ye ƒo ame. 10 Kpɔ ɖa, egbɔna, ŋkeke la gbɔna! Nuwɔame do, ameƒoti ƒo se, eye dada de ama! 11 Ŋutasesẽ tsi zu vɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe ameƒoti; wo dometɔa ɖeke megali o, woƒe ame gbogboawo dometɔa ɖeke megali o, woƒe nu gbogboawo dometɔa ɖeke megali o, eye woƒe atsyɔ̃ɖoɖo nu yi! 12 Azã la ɖo, ŋkeke la ɖe, nuƒlela makpɔ dzidzɔ o, eye nudzrala maxa nu o; elabena dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi 13 Ne nudzrala tsi agbe hã la, matrɔ yi eƒe nudzadzrawo gbɔ o, elabena wokpɔ ŋutega ɖe woƒe amehawo katã ŋu, eye dzi aɖe le amesiame ƒo le eƒe vodadawo ta. 14 Woku kpẽ, eye wo katã wobla akpa, ke amea ɖeke meho yi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi. 15 Yi le xexe, dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me; amesi le gbe me la, yi awui, eye amesi le du me la, dɔwuame kple dɔvɔ̃ aɖui. 16 Miaƒe sisilawo asi, eye woano towo dzi abe akpakpawo le agato me ene, eye wo katã woanɔ xɔxlɔ̃m le woƒe vodadawo la. 17 Alɔwo katã ado agblɔ, eye klowo katã alólo azu tsi; 18 woata akpanya, eye woalulu, ŋukpe alé ŋkumewo katã, eye tawo katã anye ta kokoe. 19 Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye wòabu woƒe sika ŋunyɔnui; woƒe klosalo kple sika maɖe wo le Yehowa ƒe dzikudogbe o; womate atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe o; elabena eyae ble wo de vodada me. 20 Wotsɔ woƒe atsyɔ̃nu, siwo nye woƒe adegbeƒonuwo, wɔ legba, siwo nye woƒe ŋunyɔnuwoe, eyata mena wozu ŋunyɔnu na wo do; 21 matsɔe ade asi na ame tutɔwo, ne woaha, eye matsɔe ade asi na anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo, ne woaɖe aboyoe, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ. 22 Maɖe ko ɖa le wo ŋu, ne woagblẽ ko ɖo na nye nu vevi la, eye mana adzoblasuwo nage ɖe eme ahagblẽ ko ɖo ne. 23 Mitu kɔsɔkɔsɔ, elabena hlɔ̃ɖoɖo yɔ anyigba dzi, eye ŋutasesẽ ya dua me. 24 Mana dukɔwo ƒe vɔ̃ɖitɔwo nava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dàda nu, eye woagblẽ ko ɖo na woƒe kɔkɔeƒewo. 25 Ŋɔdzinu gbɔna, eye woaɖi ŋutifafa, ke mana anyi o. 26 Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya ava ɖe ŋɔdzinya yome; woadi ŋutega tso nyagblɔɖilawo si, nufiame abu ɖe nunɔlawo, eye adaŋudede de ame tsitsiwo. 27 Fia axa nu, dzidzi aƒo amegã, eye dukɔ hahoo la ƒe asi adzo nyanyanya, mawo wo ɖe woƒe zɔzɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo de woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana