Hezekiel 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wogblẽ Israel-nyigba le eƒo trɔ̃subɔsubɔ ta. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, trɔ mo de Israel-towo, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu 3 gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, agatowo kple balimewo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mahe yi ava mia dzi, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo. 4 Miaƒe vɔsamlekpuiwo agblẽ, miaƒe ɣelegbawo agba, eye matsɔ miaƒe ame tsiaʋawo aƒu gbe ɖe miaƒe legbawo ŋku me; 5 matsɔ Israel-viwo ƒe kukuawo aɖo woƒe legbawo ŋku me, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo. 6 Míaƒe duwo azu aƒedo le mia nɔƒewo katã, eye miaƒe nuxeƒewo agblẽ: elabena woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, eye woaɖe wo ɖa, woa mũ miaƒe ɣelegbawo, eye woatsrɔ̃ miaƒe dɔwɔwɔwo. 7 Eye ame tsiaʋawo atsi mia dome, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 8 Ke ne miekaka ɖe anyigbawo dzi la, mana amesiwo si le yi nu la, nakpɔtɔ na mi ɖe dukɔwo dome! 9 Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta; 10 eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa; menye dzodzroe megblɔ be, mele vɔ̃ sia wɔ ge wo o. 11 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ƒu akpe, tu afa anyi, eye nado aléle ɖe Israel ƒe aƒe ƒe ŋunyɔnu vɔ̃ɖiawo katã ŋu, elabena wole yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me tsi ge. 12 Amesi le didiƒe la, dɔvɔ̃ awui, amesi le kpuiƒe la, atsi yi nu, eye amesi kpɔtɔ ɖi woɖe lã, aku ɖe dɔwuame si me, eye matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi. 13 Eye miadze sii bena, nyee nye Yehowa, ne miaƒe ame tsiaʋawo tsi miaƒe legbawo dome ƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛ kɔkɔwo katã dzi, le towo katã ta me, le ati damawo katã kple logoti dodowo katã gome, teƒe, siwo wodo dzudzɔ ʋeʋẽe na woƒe legbawo katã le. 14 Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mado gbegbe kple aƒedo anyigba la tso gbe dzi vaseɖe Ribla le wo nɔƒewo katã, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana