Hezekiel 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe tohehe ʋɔnudɔdrɔ̃ Yerusalem. 1 Wò amegbetɔvi, tso yi ɖaɖɛ wo talũhɛ, ne natsɔ alũ wò ta kple wò ge, eye natsɔ nudanu amã ɖawo mee. 2 Tɔ dzo akpa etɔ̃liawo ɖeka ɖe dua me, nenye be, toɖeɖe ƒe ŋkekeawo wu enu; tsɔ yi fũ akpa etɔ̃liawo ɖeka ƒo xlãe godoo, eye natsɔ akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe ya nu, eye maɖi yi anɔ wo yome. 3 Ɖe suea ɖe le eŋu nasa ɖe wò avɔ nu, 4 eye gaɖe ʋeea ɖe le esia ŋu de dzo me, ne wòafiã ɖe dzo me; esia me dzo atso ɖe Israel ƒe aƒe blibo la ŋu. 5 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyee tsɔ Yerusalem sia ɖo dukɔwo dome, eye anyigbawo ɖe to ɖee godoo. 6 Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o. 7 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi miesẽ to wu dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu, ʋuu kekeke miahayi nu wɔ ge ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo ƒe sewo nu o la, 8 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye hã maƒo ɖe dziwò, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mewò le dukɔwo ŋku me, 9 eye mawɔ nu mawɔkpɔa ɖe ŋuwò le wò ŋunyɔnuwo katã ta, nusi tɔgbe nyemegale wɔwɔ ge o. 10 Eyata fofowo aɖu wo viwo le mewo, eye viwo aɖu wo fofowo; madrɔ̃ ʋɔnu wò, eye makaka wò ame mamleawo katã ahlẽ ɖe yawo nu. 11 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi! 12 Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome. 13 Eye nye dɔmedzoe abi ade eseƒe ke, nye dziku nu afa ɖe wo ŋu, eye mafa dzi na ɖokuinye, ne wòadze sii be, nye Yehowa ye ƒo nu le nye ŋuʋaʋã me, nenye be, metrɔ nye dziku blibo la ƒo ɖe wo dzi. 14 Matsɔ wò awɔ gbegbe kple alɔmeɖenu le dukɔ, siwo ƒo xlã wò godoo la dome kple amesiwo katã toa ŋuwò yina la ŋku me. 15 Eye azu alɔmeɖenu kple vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzinu na dukɔ, siwo ƒo xlã wò godoo, nenye be, medrɔ̃ ʋɔnu wò le dɔmedzoe kple dziku me, eye mehe to na wò kple dziku; nye Yehowa ye gblɔe; 16 ne meda dɔwuame ƒe aŋutrɔ vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome, ne woazu amewula, eye meda wo, be woagblẽ mi, eye meli kɔ dɔwuame ɖi na mi gleglegle, eye meŋe abolo ƒe ziɔɖeŋu na mi. 17 Mahe dɔwuame kple lã wɔadãwo ava mia dzi, ne woaɖe vi le ŋuwò, dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖeanyi ava ƒo ɖe dziwò, eye mana yi nava dziwò; nye Yehowa ye gblɔe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana